Eta 4

1 Azɔ eyi Yesu nyɛ be Farisitɔwo se be yi le amewo nyrɔ̃ eye yi le nusrɔ̃viwó cɔ wu Jã, 2 Voa Yesu ŋtɔ me le ame nyrɔm o, boŋ yi be nusrɔ̃viwoé, 3 Le ema mea, egble Yudea daɖi ye be trɔdjo yi galilea 4 Ke be nyi be Samaria be dua me ba toa, 5 Nenema be va to Samaria dugã ɖe yike wo yɔna be Sixa me, yi gogo agble nyigbã yi Yacobu, cɔna via Josɛf. 6 Gima ye Yacobu be vudo le. Emɔ zɔzɔa wɔ be enu cikɔné Yesu, ye be bɔbɔ nɔ anyi le vudoa to, la nɔ̃ sigbe gademé ma woe ene. 7 Eye Samaria nyɔnyua ɖe va eci kugbé, Yesu biɔɛ bena : nã ɖe ma nu. 8 Eye yibe nusrɔ̃viawo, djo yí enu ɖuɖu ƒle gbe le dua me. 9 Samaria nyɔnyua biɔɛ be : nuka ŋuti ewo yi ne nyi Yudatɔa ne le ci biɔ enye yi ne nyi samaria nyɔnyu be be ya nu ci mɛɛ ? Ɖoa Yudatɔwo gaku Samaria tɔwoa wo me nyi na o. 10 Yesu ɖoe ŋuti nɛ be : ne ɖe le nyã Mawu be nu nana, gaku ameyi nyi ameyi le gblɔgblɔ̃nɔ̃ wo be : nã ne ma nua, ewo boŋu la biɔɛ be ba na ye ɖe ne ya nu eye be na agbe ci wo. 11 Nyɔnyua biɔɛ be Aƒetɔ, eci kunu me le asi wo eye vudoa me tito, afika ye la kpɔ agbe cia co mɛɛ ? 12 Alo ɖe ye le ci cɔwu mia tɔtɔ Yacobu yi na mi vudo ya, eye yeŋutɔ ku viawo gaku yí be lãwó nuna émé cia ? 13 Yesu ɖoeŋuti nɛ be : amesiame yi le vudo mé cia be ɖe nu ma, ecikɔ la gba wuí. 14 Voa, ameyi la nu eciyi ma nɛ be ɖea, ecikɔ ma gba wuí gbeɖe o, eye eci yi ma nɛa la trɔazu agbeci be djɔcoƒe anɔ djidji le eme kaka cɔyi agbe mavɔ me. 15 Nyɔnua biɔɛ bena : Aƒetɔ nãŋ ecia be ɖe bena ecikɔ ŋugba wuŋ ke be ne ma gbava afiya ava kuci o. 16 Yesu gblɔ nɛ be : yi na yɔ esrɔ̃wo, eye na va afiya. 17 Nyɔnua gblɔnɛ bena esrɔ̃ me le asinye o. Yesu gblɔnɛ be le gblɔɛ nyuiɖe be esrɔ̃ me lé yé si o. 18 Ɖoa esrɔ̃ amatɔ̃ nɔ asiwó kpɔ vayi eye ameyigbɔ ye ne le fifidjɛ cã me nyi esrɔ̃wo, to eya wo mea, le to nyãwó. 19 Nyɔ̃nua gblɔ nɛ be Aƒetɔ, me kpɔ be nyagblɔ̃ɖila ne nyi. 20 Mià tɔtɔ wó dona gbaɖa le etoya dji, eye miɔ̃ míegblɔ̃ be, teƒe afiyike lebe woa do gbeɖa nɔa éli le Yeruzalem 21 Yesu gblɔ nɛ be nyɔ̃nu xɔ djinye se game li gbɔna, ye me gba nyi eto ya dji alo Yeruzalem mia subɔ tɔtɔale o. 22 Mile enuyi mímé djesi o wa subɔ, miɔ̃ mi djesi ameyi subɔ milé, ɖoa ɖeɖe kpɔkpɔa co Yudatɔwo gbɔ. 23 Voa game li gbɔ̃nɔ̃, ye be va ɖo vɔ, fima ye nyateƒe subɔtɔwó, woa subɔ tɔtɔale, le nyãteƒe gaku gbɔgbɔ̃ me, ɖoa ŋutia subɔla mawo djiŋu tɔtɔale. 24 Mawua gbɔgbɔɛ̀, ye ele be ameyiwó lee subɔma, woa subɔɛ̀ le nyateƒe gaku gbɔgbɔ me. 25 Nyɔ̃nua gblɔnɛ̀ be me nyɛ̀ be ame dɔdɔa ɖo lava (ameyi wo yɔ be ame si amina) ne eva ela gblɔ enya wo kpata ne mii. 26 Yesu gblɔnɛ be enyé é, enye ame yile nuƒoƒo gaku woa 27 Co yiédjia yi be nusrɔ̃viawó va ɖo ye be wɔ nudãnɔ, wo kpɔɛ bele enu ƒoƒoŋ gaku nyɔnua ɖe, gake ameaɖekpe mebiɔɛ bena nuka biɔŋ ne li, alo nuka ŋuti ne le enu ƒoƒoŋ gaku doe ? 28 Eye nyɔ̃nua taci le ecikuzea ŋti daɖi, ye be djó yi duame, ye beyi gblɔna amewo be : 29 Miva kpɔɖa, ŋucu ɖe ya yi gblɔ enu yiwo kpata me wɔ vayi kpɔa nem ; me yé la nyi Kristoa ? 30 Wo dro le duame, eye wo va egbɔ. 31 Le gama mea, nusrɔ̃viɔ tutuiné enuɖudua gblɔ be : nufiɔla va ɖunu. 32 Ke egblɔnɔwó be : enuɖuɖu le asinye maɖu, yí miawó mi me nya ó. 33 Eye nusrɔ̃viawo le gblɔgblɔ le wonɔnɔwo dome be : ameɖe cɔ enuɖuɖu vanɛ ye mɛɛ ? 34 Yesu gblɔ nɔwo be : enyu ɖuɖu nyea ye nyi be mawɔ ameyi dɔma be lɔ̃lɔ̃nu, ye ma wu ye be dɔa nu. 35 Me nyi miawoe le gblɔgblɔ be ekpɔtɔ ɣletri amene ne enu ɖeɖe be game na ɖoa ? Voa me le gblɔŋ ne mí be mike ŋukuwo yi dzi eye miakpɔ agble tawo, ke wo ɣe vɔ, ne enu ɖeɖe. 36 Ameyu le enu gbema kpɔna fetu, eye be bɔna ekucécéwo danaɖi ne agbe mavɔ, be ameyi le enuƒã, gaku ameyi le enu doma woa kpɔ djidjɔ le edu. 37 Le enyã ya mea, enya yi wo gblɔ be ebu ye donɛ, ebu ye ŋenɛa nya woe. 38 Me dɔ mí be miayi ɖe énuyi ŋutié mí me wɔ dɔle o, amebu woe wɔ dɔa, ye míɔ, mi geɖe wo be dɔ wɔwɔwoa me. 39 Samariatɔ gbogbo wo xɔ Yesu djise le eme ʋuʋu wɔ nuku yi nyɔnua gblɔa ŋuti be : egblɔ enu yi wó kpata me wɔ kpɔ va yia ne. 40 Ke cã, ke samariatɔwo va kpɔɛ wo ɖe kukunɛ be banɔ yewo gbɔ eye be nɔ fima xɔ ŋukeke ve. 41 Eye ame gã gbogboaɖewo xɔ edjisé le yibe nyaawo ŋuti. 42 Eye wo gblɔ̃ ne nyɔnyua be ; ŋugbanyi enyã yi le gblɔ̃ ne mía ye ŋuti ye mi gbaa xɔ é́dji sé ɖo voa miawo ŋutɔ mí se ye mié nyɛ be ye nyi xixea be ɖetɔ. 43 Le ŋukeke eveawo ŋugbodomea Yesu djo le fima, ye be djo yi Galilea. 44 Ɖoa Yesu ŋutɔ ɖegblɔ be, nyagblɔɖila ɖekpe me kpɔna bubu le le yeŋutɔ dé o. 45 Ke beva ɖo galilea, galileatɔwo xɔɛ nyuiɖe ɖoa wokpɔ enuyi be wɔ le Yerusalem be azã djia; wawo ŋutɔ wova azã ɖuƒea. 46 Nenema be trɔ djoyi cana le galilia afiyike be trɔ eci bezu aha nɔ̃ le kaparnum efiɔ be ŋutinɔtɔa ɖe li, ke be vi le dɔleŋu. 47 Ke be se Yesu co Yudea va Galilea eyi égbɔ, ye be ɖekukunɛ̀ be bava yɔdɔ yi be vi yi ɖo ekugbanu ne yi 48 Yesu gblɔ nɛ be : né mí me kpɔ djesiwó ku nukunuwó wa miéxɔ na séna o. 49 Efiɔ ŋutinɔtɔa gblɔ nɛ be : aƒetɔ, va keŋgbɔ evi nyea ne ku. 50 Yesu gblɔ̃ nɛ be : djoyi eviwoa le agbe eye amea xɔ enyayi Yesu gblɔ̃nɛa djise ye be djo. 51 Ke be le yiyima, yibe edɔcɔviwó va dogoe, eye wo kã enyã tanɛ bena : eviwoa ci agbe. 52 Yi be biɔwo gayime tutu be be kaɖe éménɛa wose ;ye wo gblɔnɛ be : ecɔ vayi, le gaƒoƒo amedre gɔa dji dɔlelea djo le dji. 53 Ye etɔa doe djesi be game madjié Yesu gblɔ ne yi be eviwa le agbe. Ye yeŋtɔ xɔse, ku yibe aƒea kpata. 54 Eya ye nyi nukunu zive gɔa ke Yesu wɔ ke be co Yudea va Galilea