Eta 5

1 Le numawo ŋugbodomea, Yuɖatɔwo be azã ɖe va ɖo, eye Yesu djoyi Yerusaleme. 2 Vɔa le Yeruzalemea, ecigu ɖeli egogo alẽwo bagboa, wo da nyikɔ le dji le hebrigbeme be Bethesda ye be ɖa agbo amatɔ̃. 3 Agboawo gɔ̃mea dɔnɔ̃ gbɔ̃susumega ̃ɖewo mlɔ̃na ŋku gbagbã tɔwo afɔmanɔɛsí tɔwó, kplibɔ kplibɔ tɔwó ye wó tɔnate kpɔ ecia be bublu. 4 Ɖoa, zã, zã, Mawu dɔla ɖe ɖiɖi va bluna cia, eye ame yi dje cia me tutugbɔa ga yi me ecia blu vɔa, kpɔna dɔyɔyɔ aɖeke yibe dɔ lelea le cã. 5 Fima ye ameaɖe yi le dɔleŋ eƒe gbãvɔ enyia ɖe nɔ̃. 6 Yesu kpɔe be ele anyi mlɔ̃ƒe togbɔ be enyɛ be ele dɔ leŋ, ye bele fima eteƒe djidji cã ebuɛ be : le dji be ya kpɔ dɔyɔyɔa ? 7 Dɔnɔ̃a ɖɔeŋti gblɔnɛ be : Aƒetɔ amea ɖekpe mele asinye ke la kɔkɔŋu ada ecia me le ga yi me ne eblu, eye ga yi me ne ŋbe mayia, amebu djena eme do ŋkɔ nem. 8 Titre, Yesu gblɔnɛ be ; cɔ aba woawo eye na zɔ̃ azɔni. 9 Ziɖeka amea kpɔ dɔyɔyɔ, ecɔ yibe aba ye be zɔ azɔni. Ŋkeke ma ye nyi gbɔɖoeme be ŋkeke. 10 Eye Yuɖa tɔ wo gblɔne ame yi wo yɔdɔa be : egbea ye nyi gbɔɖeme be ŋkeke, emɔ ɖeɖe meli nɔwo be na ƒoté aba woa wo. 11 Eɖoe ŋci nɔ̃ be : ameyi ɖadoa nema gblɔnem be : ƒotè abawoa wo ye na zɔ azɔni. 12 Eye wo buiɛ se be ameka ye nyi ameyi gblɔno be : ƒoté aba woawo eye na zɔ azɔni ? 13 Voa ameyi kpɔ dɔyɔa me nya ameyi be nyio, ɖoa Yesu bu le ameha yio bɔ le teƒema dome 14 Ema megbea Yesu kpɔe le gbedo xome, ye be gblɔnɛ be : fifia, le kpɔ dɔyɔyɔ ŋgba wo nuʋɔ̃ ko be, ne enuyi sɛsɛ wua ba va djɔ le djiwo. 15 Amea djo yi ye be va yi gblɔɛ ne Yuda tɔwo be Yesue nyi ameyi ne yɔdɔyea. 16 Ema ŋtie Yuda towo tii Yesu yome be yo awui ɖoa ewɔ numawo le gbɔdoeme be ŋkekea dji. 17 Voa, Yesu ɖoeŋci nawobena tɔtɔnye le dɔwɔŋ vaseɖe woalebeya ŋcã mele dɔwɔŋ. 18 Le ema ŋcia, yuda tɔwo gba dji wu cã be ye woa wui me nyi emã ɖeɖe kpo be egbã gbɔɖoeme be ese o, ke boŋ ele Mawu yɔ̃ be yí Tɔtɔ, yi gaku Mawu yéwó sɔ̃. 19 Yesu trɔyi nuƒoƒoadji ye be gblɔ̃ newo be : le nyawototomea me le gbɔgblɔ̃ ne mi be evia ma teŋ wɔ enuɖekpe le yeŋutɔ ɖokoe siwó, nuyi be wɔna, ye nyi enuyi be kpɔ le Tɔtɔa gbɔa, eye enuyi wo kpata Tɔtɔa wɔna numawo ké évia cã wɔna. 20 Ɖoa etɔa lɔ̃via ye be cɔ enu yiwo be wɔnã cɔ fuiɛ eye be dɔ yi wuga eyawoa cɔ fuiɛ, aɖeke be mianɔ caka-caka me. 21 Ɖoa ɖeke tɔtɔa fɔ̃na ame kukuwó ye be nana agbe woa nenea kée evia cã nana agbe ameyi be dia. 22 Tɔtɔa me drɔna ʋɔnu ameɖekpe o, ecɔ ʋɔnu drɔdrɔ̃ kpata do evia ba sime, 23 Ku susu be enuwo kpata wa de bubu evia ŋti, sigbe ɖeke wo buna Tɔtɔa ene. Ameyi me buna evia woa me le Tɔtɔa ameyi dɔɛ ɖoɖa cã bu mo. 24 Le nyateƒe me le nyateƒe mea me le gblɔ ne mí be ameyi le etoɖo nyã nye wo, ye be le ameyi dɔ̃ ɖa djíxɔ sea, agbe mavɔ le esi, ye ma va ʋɔnudrɔ̃ƒe o ɖoa eto ekume geɖe agbe me. 25 Nyateƒe le nyateƒe mea me le gblɔ ne mi be game gbɔ̃nɔ̃ ye be vaɖo ŋutɔcãvɔ, éyi amekukuwó la se Mawu via be gbe, eye ameyi ke woa sea, woa gbɔ agbe. 26 Ɖoa aleke etɔa ɖo agbe le eɖokui mea nenea ke ecɔ ŋuse na evia cã be ba ɖo agbe le yeŋtɔ ɖokui me. 27 Ye be cɔ ŋuse nɛ be ba drɔ ʋɔnu, ɖoa amegbetɔ be víé. 28 Mi ŋgba caka le enya yawó me o, ɖoa game gbɔna ye ameyi wo kpata le yɔdo mea woa se ye be gbe eye wa dro. 29 Ameyi wɔ enu nyuia wa citre, ne agbe, voa ameyi ne wo enu vɔa wa citre ne ʋɔ̃nudrɔ̃drɔ̃. 30 Nye mateŋ wɔ̃ enu ɖekpé le ɖɔkui nye siwó aleke yi me séa neneyé me drɔ̃na ʋɔ̃nu ; eye ʋɔ̃nu drɔdrɔ̃ nyea le djɔdjɔɛ, ɖoa, nye me djina nye ŋutɔ lɔlɔ̃nu nye o, voa ameyi dɔma be lɔlɔ̃nu. 31 Ne nye ŋutɔɛ le aɖasé ɖiŋu ku ɖe ɖokui nye ŋutia, aɖasé ɖiɖi nyea me le étéƒé o. 32 Ameaɖe li ke le aɖasé ɖiŋu ku ɖe ŋutinye, ye me nyɛ be aɖase yi wo ɖiŋu bela kuɖe ŋutinyea wo le étéƒé. 33 Mi dɔ ame ɖoɖa Jã gbɔ, ye be ɖi aɖasé kúɖe nyateƒea ŋuti. 34 Ne ma, menyi amegbetɔ gbɔ ye mexɔ aɖase ɖiɖi có me le enyãya gblɔ ale be mia kpɔ ɖeɖe. 35 Jã nyi ɖãtɛlɛ yi le bibi, ye le klekleŋ, eye midí be yewa kpɔ djidjɔ gaƒoƒo ɖeka kuɖe yibe kleklea ŋuti. 36 Voa enye ya me ɖo aɖase ɖiɖi yi loló cɔ wu Jã tɔ, ɖoa edɔyiwo tɔtɔnye cɔ do asi neŋ be ma woa, edɔma wo keo wɔ me lea, le aɖase ɖiŋu kuɖe ŋutí nye be etɔ nye ye dɔŋ. 37 Eye tɔtɔnye yi dɔŋ ŋutɔ cã ɖi aɖase kuɖe ŋutinye. Mi me se yibe gbe kpɔ o, eye mi me kpɔ yibe ŋkume kpɔ o, 38 Ye yi be nya cã me le mía me o, ɖoa ŋutia mi me xɔ ameyi be dɔ ɖoɖa dji se o. 39 Mi le ŋlɔŋlɔ̃wo me cã, ɖoa ŋutia mi susu be yewa kpɔ agbe mavɔ cɔ wome : woa woe le aɖase ɖiŋu kuɖe ŋutí nye. 40 Eye miɔ mi me le didi be ye wa va gbɔnye, ne mia kpɔ agbe o ! 41 Nye me djina kafukafu co amewo gbɔ. 42 Voa me nyɛ be mí me ɖo Mawu be lɔ̃lɔ̃ le miaɖokuwo me o 43 Tɔtɔ nye be nyikɔ me me va nɔ̃, ye mí me xɔm o, voa ne ame bu va le yeŋutɔ be nyikɔ mea mi xɔ̃nɛ. 44 Aleke mi teŋu axɔɛ se, míawo yí le bubu dédé diŋu co mia nɔnɔ̃ɛwó gbɔ, ye mí me le bubu yicɔ Mawu ɖeka pɛ gboa dimó wa ? 45 Mi gba xɔɛse be nyeya ma cɔ nyã le miaŋuti le tɔtɔ nye be ŋkume o ; ameyi la cɔ nya le mia ŋutia ye nyi Mose, ameyi ŋuti mi cɔ mia be mɔkpɔkpɔ da ɖoa. 46 Ɖoa ne mi xɔ Mose dji sea, mia xɔ ŋucã djinye ase, ɖoa ŋutia eŋlɔnu kuɖe ŋuti nye. 47 Voa ne mié xɔ yibe nuŋlɔŋlɔwó dji se woa, ɖeke mia teŋu axɔ enyã nyã wó dji asé ?