1 Voa ameɖe li, yi co farisitɔwo dome, yibe ŋkɔɛ nyi Nikodemo ye be nyi Yuda tɔwo be amegã, 2 Eva Yesu gbɔ le zãme ye be gblɔnɛ be : Aƒetɔ mi nya be nufiɔ̃tɔ ye le nyi co Mawu gbɔ va, ɖoa ameaɖekpe mateŋ wɔ nukunu yi wo le wɔnã o, ne me nyi be Mawue li gakui o. 3 Yesu ɖoeŋti nɛ ye be gblɔ̃ be le nyateƒemea ne wo me trɔ dji ame yeye o wa, mateŋ kpɔ djiƒo fiɔɖuƒea o. 4 Nikodemo gblɔnɛ bena aleke woawɔ atrɔ dji ame ne eku tɔgbe o ? ɖe batrɔ ayi enɔ̃a be ƒodome ye woa trɔa djia ? 5 Yesu ɖoeŋti nɛ be : le nyateƒemea me le gblɔ̃nɔ̃, be ne wo me dji ameaɖe to ci ku gbɔgbɔ̃ me o wa mateŋ ayi Mawu fiɔ ɖuƒea me o. 6 Nuyi ke wo dji co ŋutilã mea enyi ŋtilã ye nuyi wo dji co gbɔgbɔ̃ mea enyi gbɔgbɔ̃ 7 Megba wɔ mɔyaa nɔ be me gblɔ̃nɔ̃ be : élébe woa trɔa dji mi yeye o. 8 Aya ƒona le afiyi drɔea, eye le sena yibe hunyãhunyã, voa me nya afiyi be co alo afiyi be ɖota o. Nenea kpo ye nyi ameɖesiaɖe yi wo dji co gbɔgbɔ̃ me cã 9 Nikodemo xɔ edji ye be gblɔ nɛ be ɖeke woateŋ awɔ eya ɖo ? 10 Yesu ɖo eŋti nɛ gblɔ be : Israel be nufiɔ̃tɔɛ ne nyi ye me nya nuya wo wa ? 11 Le nyateƒe mea me le gblɔ nɔ be mi gblɔna enuyi mi nya eye mi ɖina ɖase kuɖe nuyi mi nya ŋti ye mi ɖina ɖase kuɖe nuyi mi kpɔa ŋti ye mi me xɔna miabe aɖase ɖiɖiɔ 12 Ne mi me xɔese ke mele nuƒoƒoŋ kuɖe anyigbãdji nuwo ŋti ne mi o wa aleka wɔ ne me va le ƒonu kuɖe djiƒo be nuwo ŋtia mia va xɔɛse o ? 13 Ye amea ɖekpe me yi djiƒo kpɔ ne nyi ameyi co djiƒo vao, amegbetɔvi ke le djiƒoa. 14 Eye sigbe aɖeke Mose kɔkɔ eda yidji le gbeadjia, nenea kée woa kɔkɔ amegbetɔvia cã. 15 Eye amesiame yi la xɔ edji sea la kpɔ agbe mavɔ 16 Ɖoa Mawu lɔ̃ xixeame ŋutɔ eye be cɔ yi be vi ɖekɛa cɔ na, ɖoe eta, be amesiame yi xɔ edji sea ma crɔ̃, ke boŋuã lakpɔ agbe mavɔ. 17 Mawu me dɔ via ɖoɖa xixeame be woa va drɔ ʋɔnu xixeame o,vɔa be xixeame ba kpɔ ɖeɖe to edjí. 18 Ameyi xɔna edji sena woma drɔ ʋɔnui o, vɔa ameyi me xɔ edji sena woa wodrɔ ʋɔnui xóxó ɖoa me xɔ Mawu vi ɖekɛa dji se o. 19 Ke ʋɔnudrɔdrɔ ya ye nyi be, kekelia va xixeame, amewo lɔ̃ vivitia cɔ wu kekelia ɖoa nuyi ŋtia wóbe dɔwɔwɔwo dje vɔ. 20 Eye amesiame yi wɔna enu vɔɖia, le na fu kekelia, eye me vana kekelia gbɔ ku susu be ne woa klonu le yi be dɔ wɔwɔwo dji wó. 21 Voa ameyi wɔna nuteƒea vana kekelia gbɔ, ele be woa ɖe yibe dɔwɔwɔ wó afiɔ̃ ɖoa nuyi ŋutia wo wɔ wó le Mawu me. 22 Le nuyawó ŋgbodomea, Yesu ku yibe nusrɔ̃viwó yi Yudea be anyigbãdji yé be nɔ fima kuwo, ye be nyrɔ amewó. 23 Eye Jã cã le nyrɔnyrɔ wɔm le Xenɔ, ke cɔ le Salimo gbɔ, ɖoa nuyiŋtia eci sugbɔ le gima, ye amewó le fima vam, va le xɔ nyrɔ̃nyɔ̃. 24 Ɖoa wo me kpɔ de Jã gaxɔ me haɖe o. 25 Azɔ nyahehé ɖo Jã be nusrɔlawo gaku Yuɖa tɔwó dome, co kɔnu yi ne nyi nuci kɔklɔa ŋuti. 26 Eye wova Jã gbɔ ye wo gblɔ nɛ bena : Rabi, ameyi le gaku wo le Yɔrdã tɔa godoa, eyiŋti ne le ɖase ɖim lea, kpɔɖa ele nyrɔ̃nyrɔ̃ wɔ ne amewó, eye ame sugbɔ wo le egbɔ yim. 27 Jã ɖoe ŋuti be : ame mate xɔ enuɖekpe o, ne me nyi ɖe wo nɛ co djiƒo. 28 Miɔ ŋutɔ miaɖí aɖase be me gblɔ be : nye me nyi Kristo, ke boŋ ame dɔdɔɛ me nyi dje yibe ŋgɔ. 29 ameyi ye ŋgbetɔa kã ye nyi ŋgbetɔ srɔa voa ŋgbetɔ srɔ̃ be hɔlɔ̃, ameyi le tretrenu le toɖocã kpɔa djidjɔ ŋtɔ co ŋgbetɔsrɔ̃ be gbe ŋti, nenea ké djidjɔ nyea ede blibo. 30 Ele be bayídji, eye nyea ma va gɔme. 31 Ameyi co djiƒo va éle ta na enuwó kpata, ameyi co anyigbã, anyigba be co, eye be ƒonanu sigbé anyigbãdjitɔene, ameyi co djiƒoa, ele eta ne enuwó kpata. 32 Eɖi aɖasé kuɖe enu yi be kpɔ ku énuyi be sea ŋti, eye ameɖekpe me xɔ na yibe aɖase ɖiɖia dji sena o. 33 Ameyi xɔ yibe aɖase ɖiɖiwodjisea le kpeɖoe dji be Mawu nyi nyãteƒetɔ. 34 Ɖoa ameyi Mawu dɔa Mawu be nyã be gblɔna, ɖoa Mawu me nɛ gbɔgbɔ̃a gaku djidjé o. 35 Tɔtɔa lɔa via, eye be cɔ nu wo kpata doa sinɛ. 36 Ameyi xɔ via dji sea agbe mavɔ le esí, ameyi me xɔ evia dji se woa, ma kpɔ agbe o boŋ Mawu be dɔmedjoe anɔ̃e dji.