1 Nene mã ke nyɔ̃nyu wo mi bɔbɔ mia ɖokui wo ne mia srɔ̃ wo ale be ne wodometɔa ɖe me ɖonà to nyã la wo tsã woa srɔ̃ nyɔnu be agbe nyui nɔnɔ natrɔ wo, enyã manɔ̃ eme. 2 Le esime woa kpɔ mia be agbe nɔnɔ bubu dodo ame ɖokui nu ku le djadje nyenye me. 3 Mia be zezeme ŋgba nyi eɖa ƒoƒo, sika ku awu xɔasiwo be yewo anyakpɔkpɔ le amewo ŋukume o. 4 Eme eme be zézé me yike xla ɖe djimé, kɔkɔe nyenye yi me blemãtɔwo tsɔ gbɔ̃gbɔ fatu bɔkɔ yike xɔasi sɛ̃sɛ̃ le Mawu be ŋkumé. 5 Le blema la nenema nyɔnyu kɔkɔe yike woe kpɔnãmo na Mawu ɖea woɖokui fiã to bɔbɔe nyinyi na wo srɔwo me. 6 Abe Sara yike ɖona to Abraham yi be nɔnã eyɔm be yi "ƒetɔ". To eya dji ye mizu vi nyɔnyuviwo, ne nye be mi wɔnà nu djɔdjɔe eye ŋɖekpe ŋɖonà vɔ̃vɔ̃ namio woa. 7 Mià ŋtsu srɔ̃tɔwoa mi zà nunyà le miaƒe nuwɔna wo me ɖoɖa miasrɔ wo gbɔ, mi de bubu wo ŋti abe ame gblɔɛ wo yike kpɔ gõme le agbe be amenuvevea me. Benã ŋɖekpe ŋgba xemɔ na miabe gbedodoɖawo o. 8 Mamlɛ susu ɖeka, seselelãme ɖeka ne tutu mi be ne mià ɖɔ kudo nɔvi lɔ̃lɔ̃, dɔme trɔtrɔ kudi bɔbɔe nyinyi. 9 Mi ŋgba ɖo vɔɛ ɖe vɔɛ teƒeo, alo ezu ɖe ezu teƒeo. Mi yra boŋ, ɖoa eya ŋti oyɔ mi ɖo be ne mià nyi dôme ne yayra. 10 10Ne amea ɖe lɔ̃ agbea eye be dji la kpɔ ŋkeke nyuiwoa na lebenà yibe aɖe tso vɔ̃ kudo yiƒe nuyiwo tso alakpa nyà wo gbɔ, 11 Ne teɖa tso nu gblegble gbɔ ne ba wɔ nyui, ne ba dji ŋti fafa eye ba tsi eyome. 12 Ɖoa aƒetɔa ƒe ŋkuviwo nɔnà ame djɔdjɔe dji, eɖonà to woa be gbedodoɖa voa aƒetɔa tsina tsitre ɖe ameyi woe wonà nubaɖa wo ŋti. 13 Eye mekae awɔ ʋɔ̃ mi ne mieci nyui wɔwɔ yome ? 14 Ŋtɔtsã ne nyi be mikpefu ɖo djɔdjɔe nyenye ta, keŋ mi nye yrayratɔwo, miga vɔ̃ nà wo o eye miga tsaka o ; 15 Mikɔ aƒetɔ Kristo ŋti le miaƒe djiwome le esime mia sɔgbe esiayi be ne mia xlui miaɖokuwo ta ku djigbɔɖi kudo bubu le amesiame yike abia mɔkpɔkpɔ yi ne le miasi tso Mawume be taɖodjinu. 16 Djitsinya nyui nanɔ miasi be nã ne wozu mi abe nuvɔ wɔla wo tsã woa ɖu nukpɛ le miabe agbe nɔnɔ nyui le Kristo me 17 Ela bena enyɔ be woakpefu ne eye nyi Mawu be lɔlɔnu awɔnyui wu be awɔ ʋɔ̃ 18 Kristo tsã kpefu ziɖeka ɖo nuvɔwo ta eya yike nyi amedjɔdjɔe be ne ya kplɔ mi yi Mawu gbɔ le eyike be ku le ŋtilã me voa wo gbɔe agbe to gbɔgbɔ̃a dji. 19 Le gbɔgbɔa me eyi gblɔ nyanyui la nã gbɔgbɔwo le gakpame. 20 Yike woe nye djimaxosetɔwo le esime Mawu gbɔdjiɖi blewu le Nowa be game le aɖakahũ kpakpa me yike me ame enyi kpoe kpɔ ɖeɖe to tsi la me. 21 Eci mã ye le nye nyrɔ̃nyrɔ̃ yike menye eɖi klɔklɔ le ame ŋti wo voa enyi djiti nyã nyui be nya me soso ɖoɖa Mawu gbɔ bena woato edji axɔ ame ɖe agbe to Yesu Kristo ƒe fɔfɔ co ame kukuwo dome. 22 Eyi djiƒo yinɔ Mawu be nuɖusi lɔme yike dɔlawo, acɛkpakpawogaku nusɛwo bɔbɔ nɛ.