1 Sigbe leke Kristo kpefu le ŋtilã mea, nenema miɔcã mia sɔgbe hena fukpekpe ma pɛpɛpɛ. Doa ŋtia ameyike ne kpefu le ŋtilã me la nuʋɔ ma gba teŋ ɖu edji o. 2 Ame mã ma gba nɔ agbe le amegbetɔwo be nudrodro nu wo voa enɔna agbe le mawu me lɔ̃lɔ̃ nu me le yi be agbe ŋkeke wo kpata me. 3 Eya ŋtia game gbogboɖewo va yi vɔ be mia wu vedu subɔlawo be lɔ̃lɔ̃ nu sigbe : sese ɖe lãme, fiɛnu fiɛnu, ahamumu, hadjedje, lãnuwɔwɔ, vodu subɔsubɔ be nu nyɔ̃nu wo. 4 Ke ewoa moya nawo be mi me wɔna numã tɔgbe ku yewo o, eya ŋti wo ɖuna fewu le mia ŋti. 5 Ke wo le akɔ̃ta nage ame yike ne le gbesɔsɔ ne ame gbagbe ku ame kuku wo . 6 Le taɖodjinu mã ta wo gblɔ nya nyui la na amekukuwo alebe esi wo ɖo kodjonawo le wo be ŋtilãme sigbe ame woe ene la, woa nɔ agbe le gbɔgbɔ to Mawu be lɔ̃lɔ̃nu me 7 Nuwo kekeŋ be nuwuwu gogo eya ŋtia mi kɔ le gbɔgbɔ me mi dja le susu me le miabe gbedodoɖa wo ta 8 Ɖoa ŋti na nusianua, mì lɔ̃ mìa nɔewo vevie, elabena lɔ̃lɔ̃ cɔa nuvɔ dji. 9 Mi hɔ amedjro mia nɔnɔe wo liʋu liʋu manɔ eme. 10 Ke miadome amesiame ne cɔ nunana yi wo xɔ la de dɔ wɔwɔ me na ame bubuwo sigbe Mawu be amenuveve ene. Ne ameɖe le nuƒom la ne ƒonu sigbe ameyi le Mawu be nya wlawla ɖem fiɔ ene. 11 Ne ameɖe le subɔ la ne wɔe gaku nusɛ yi Mawu neã be le nusianu meã woa kafu Mawu to Yesu Kristo dji. Etɔe nyi ŋtikɔkɔe ku ŋusɛ co mavɔ yi mavɔ me. Amen 12 Lɔ̃lɔ̃tɔwo, ʋɔnu drɔdrɔ ma yi ne le mia dome be ya cɔ domi akpɔa mega wɔ moya ne mi si gbe nuyike me ɖo la va miadji ene o. 13 Boŋ mi kpɔ djidjɔ le fu yi kpem mi le gaku Kristo, ku susu be mia kpɔ djidjɔ le jibe ŋtikɔkɔe yi gbɔnɔa me. 14 Ne wo wɔ funyã funyã ku mi le Kristo be ŋkɔa ŋtia, mia nyaɛ be wo yra yewo ɖoa ŋti ŋti kɔkɔe be gbɔgbɔ ku Mawu be gbɔgbɔ̃ le mia dji. 15 Vɔa mia dome tɔa ɖekpe me gba kpefu abe hlɔdola, fiafitɔ, nubaɖa wɔtɔ, alo ayeme nu wɔtɔ ene o. 16 Vɔa ne ameɖe le fukpem abe Kristo to ene la megba me gba kpenu newo, vɔa ne kafu Mawu le ŋkɔ ma ta. 17 Elabe gamea su be woa dje ʋɔnu drɔdrɔ la gɔme co Mawu ba ƒeme. Eye ne dje gɔme co mia djia le ke nuwuwua anɔ na ame yiwo me ɖoatɔ Mawu be nya nyua mahã. 18 Eye ne me fa hafi ame djɔdjɔe na kpɔ ɖeɖe wa leke wa nɔna ame makɔmakɔ ku nuvɔwɔla ɖo ? 19 Eya ŋtia ame yi woe ne le fukpem le Mawu be lɔ̃lɔ̃nu mea wa cɔ wo be luʋɔ̃ doasi na Mawu nuteƒewɔla eye wa wɔ mí nyuie