1 Migbenu le nubaɖa wɔwɔwo, amebeble, ayeme nuwɔwɔ, nyabaɖa gbɔgblɔ̃ co ame ŋuti, ŋbiabià ɖesiaɖe gbɔ. 2 Sigbe vidjĩwo ene la midji gbɔgbɔ̃me be anɔci yi ne kɔ ale be mia ci le xɔseme to edji, 3 ne mi ɖɔ aƒetɔa se kpɔ be enyɔa 4 Ameyi ke ne nyi ekpe gbagbe yi amewo gbe voa Mawu cĩ ye be xɔasi nea miva egbɔ. 5 Ye miɔca sigbe ekpe gbagbe wo enea mitu miaɖokuiwo be ne miatrɔzũ Mawu be aƒe gbɔgbɔ̃me tɔ ale be miazũ vosala yike woɖe ɖevo ne Mawu yi wɔna gbɔgbɔ̃me vosa yiwo dje Mawunua to Yesu Kristo dji 6 Ɖoa wogblɔ̃ le nuŋɔŋlɔ̃a me be kpɔɖa meɖɔ djogɔ̃ɛdji kpe cacã xɔasi ɖe anyi le Ziɔ̃ ameyi ke xɔ edji sea enumakpe o. 7 Mi ameyi wo ne xɔsea bubue nyi miatɔ voa ne djimaxɔsetɔwoa ekpe yi xɔtulawo gbea va trɔzũ djogɔɛdjikpe, afɔklikpe ku ŋuɖiaɖiakpe. 8 Wo klinɛ be ne woŋgba xɔ enya djise o, ɖoa emaye woli na. 9 Voa miawoa djidjime cacã minye efiɔ be nunɔlanyinyi, eduyi oɖeɖevo ne Mawu, dukɔyi nenyi Mawu ŋutɔ tɔ ale be miagblɔ̃ ameyi ne yɔ mi co vivicime va yibe ŋukunu dɔwɔwɔwo afiɔ̃, 10 mia meyiwo mimenyi dukɔ̃ cã vayiowa fifia mitrɔzũ Mawu be dukɔ,̃ mia meyiwo womekpɔ ŋublanyuina ca vayiowa fifia wokpɔ ŋublanyui ne mi. 11 Lɔlɔ̃tɔwo, sigbe amedrowo ku mɔzɔ̃lawo le anyigbãdji enea me domiŋusɛ̃ be miagbenu le ŋutilã be nudjodjro yi wo wɔna aʋa ku luʋɔ̃a gbɔ. 12 Minɔ agbe nyui le vodusubɔlawo dome ale be fiyike wonɔna miabe nya gblɔ̃ nɔ sigbe nubaɖa wɔtɔwo minyi enea, woakpɔ miabe dɔnyui (nunyui) wɔwɔwo yi woa kafu Mawu le gbeyigbe ba va djiwokpɔa. 13 Le aƒetɔ Yesu ŋucia, mi bɔbɔ miaɖokuiwo ne atsɛ kpakpa ɖesiaɖe yike woɖo anyi le agbetɔwo domea, 14 ne efiɔ sigbe ameyile yiɖɔkuisi ene, ne dukpɔlawo sigbe ameyiwo be dɔ ɖoɖa be woahɛtone nubaɖawɔtɔwo. 15 Ɖoa Mawu be lɔlɔ̃nu be nye be miabe nunyui wɔwɔ ne na be amemanyanuwo gaku bomecilawo ne zĩ ɖoɖoe. 16 Sigbe ablɔɖeviwo enea miabe vovokpɔkpɔa ŋgbanyi mɔnukpɔkpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi o voa minɔ sigbe Mawu be docɔlawo ene. 17 Mide bubu amewo kpata ŋti, molɔ̃ mianɔnɔewo mivɔ̃ Mawu, mide bubu efiɔ ŋci. 18 Dɔcɔlawo, mibɔbɔ miaɖokuiwo ne miabe aƒetɔwo ku bubu menye ne aƒetɔ nyuiwo ɖeɖe kpo voa ne aƒetɔ yi wo ca be ade sesɛa. 19 Ɖoa edjekafu be ame ne to vevesesewo me, fukpekpewo me madjɔmadjɔ tɔ le Mawu ŋti. 20 Ɖoa bubu kabe nyi be ame ne xɔ to dɔdɔ̃ le Mawu ŋti ? Voa edje kafu le Mawugbɔ ne nyi be mile fukpem le miabe nunyuiwɔwɔ ŋti. 21 Numa ye woyɔ mi na, ɖoa ŋtia Kristo cà kpefu le mia ŋti ye be ɖasi kpɔɖenu daɖi ne mi ale be miato yi be afɔtopewo. 22 Mewɔ nuʋɔɛ ɖekpe kpɔ o, meble ame ɖekpe kpɔ o. Gayime wole edjũma medjũ ameɖekpe kpɔ o. 23 Gayime bele fukpema mewɔ vɔɛ̃ ameɖekpe o, voa etsɔ yeɖokui dasi ne ameyi ɖona kodjo djɔdjɔɛa 24 Yĩŋtɔ cɔ miabe nuvɔ̃ɛwo da yiɖɔkuidji le eya ŋti ele be miaku ne nuvɔɛ̃ ye mia nɔ agbe ne djɔdjɔɛ nyinyi. To yi be abi yiwo be xɔa mea woyɔdomi. 25 Ɖoa tsaditɔwo minyi cã sigbe alɛ̃ bubuwo ene. Voa fifia mitrɔva miabe luʋɔ̃ kplɔla ku enu djɔla gbɔ.