1 Petro Yesu Kristo be dɔla amesiwo kaka, ametsitsiawo siwole Pontia , Galatia, Kapadokia, Asia ku Bitinia 2 Le Mawu miatɔtɔ be nunyaɖi me to gbɔgbɔ kɔkɔe be ame ŋti kɔkɔ to toɖoɖo Yesu Kristo me dji ku ebe ʋù kɔkɔ ɖanyi me. Amenuveve nenɔ anyi ku mi ku ŋti fafa ne sugbɔ na mi 3 Woayra miaƒetɔ Yesu Kristo be Mawu ku tɔtɔa le yeŋtɔ be dome trɔtrɔ gãa la me, ena wo trɔ dji mì bena miaɖo mɔkpɔkpɔ le dome nyinu to Yesu be fɔ̃fɔ̃ tso ame kukuwo dome 4 Mɔ̃ kpɔkpɔ le dome nyinu si magblɛ̃ o ku be ma ƒoɖi o, maku o. Siwo dzraɖoɖi nami le djiƒo duwo me 5 To Mawu be nusɛ me wopkɔ mìata to xɔse me na xɔxɔ kpɔkpɔ si ne le gbesɔsɔe be aɖe afia le ŋkeke kpɔtɔea wo me 6 Numã ŋti miele djidjɔ kpɔm ɖone nye be fifia ŋtɔcã nehia ̃be mìa nɔ nuzizime, to dodokpɔ vovovowo me 7 Esia le eteƒe be woado miabe xɔsea kpɔ, xɔse si xɔasi wu sika si agblɛ si wo do kpɔ to dzo me, edzo si wocɔ do miabe xɔse kpɔ, esia va eme alebe miabe xɔse be meconu anye kafukafu, ŋti kɔkɔe ku bubu le Yesu Kristo be vavagbe 8 Mìme kpɔe o, voa mìlɔ̃e. mime le ekpɔm fifia o voa mixɔ edjise miyɔ ku djidjɔgãa manyagblɔ ɖe si yɔ ku ŋtikɔkɔe 9 Fifia mixɔ miabe xɔse be fetu si nye miabe luʋɔ̃ be ɖeɖekpɔkpɔ (xɔxɔ kpɔkpɔ) 10 Xɔxɔ kpɔkpɔ ku amenuveve si wo draɖo ɖi na mi la nyi Mawu nyagblɔɖilawo be didi ku wobe dɔwɔwɔ. 11 Wo dji be ye woa nyã xɔxɔ kpɔkpɔ si ava va, wo ga dji be ye woa nyã gaƒoƒo si Yesu Kristo be gbɔgbɔ si le yewo me la ƒonu na ye woa, esia va eme esi gbɔgbɔ̃ la be nu nana wodo ŋkɔ na Yesu Kristo be fukpekpewo ku ŋti kɔkɔe si wo ava va le emegbe. 12 Wo ɖefia nyagblɔɖilawo be me nye be na woa woŋtɔ o Voa na mi amesi wo djixwo to gblɔ nyanyui la fiɔ to gbɔgbɔ si co djiƒola. Nusiwo Mawu dɔlawohã djibe woa ɖe afia yewo. 13 Eya ŋti mi bla miabe aliwodji to nugɔmesese me kube mianɔ ŋzɔ̃ le miabe susu me. Miɖo mɔkpɔkpɔ blibo siwoa nã mi le Yesu Kristo be vava gaƒoƒo me. 14 Abe ɖevitoɖolawo ene la miga nɔ̃ agbe le miabe djidji siwo yome miedje esime minɔ nu manya manya me o. 15 Voa esi amesi yɔmi la le kɔkɔe ene la miawo cã minɔ kɔkɔe le miabe agbenɔnɔ ɖesiaɖe me 16 Elabena wo ŋlɔe be minɔ kɔkɔe 17 Ne mi yɔ sigbe tɔtɔ ameyi aɖo kodjo ame ŋkume makpɔmakpɔ na amesiame kuɖe yibe dɔwɔwɔ ŋti. Minɔ̃ agbe le miabe gaƒoƒo me ne mia vɔe. 18 Minyɛ be menye to ega alo sika, nu gblegblewo wocɔ ƒlemi cɔ miabe agbenɔnɔ gbolu si miexɔ co miatɔtɔ wo gbɔ o 19 voa to Kristo be ʋu xɔasi abe alevi si ŋti vodada ku ɖiƒoƒo me le o 20 Kristo ye wo tsãɖi cafee xexea djegɔme, voa fifia le gaƒoƒo kpɔtɔe ya wo me woɖe fia mi. 21 Mixɔ Mawu djise to edji, ameyi Mawu ƒɔ co ame kukuwo dome ku ameyi wocɔ ŋti kɔkɔe na bena miabe kakãɖedji nanɔ Mawume 22 Miwɔ miabe luʋɔ yeye to toɖoɖo nyateƒe la me na nɔvi lɔ̃lɔ̃ vevie. Milɔ̃ mianɔ̃nɔ̃ewo vevie ku miabe dji kekeŋ 23 Wotrɔ djimi me nye to djidji me gblegble me o voa to Mawu be nya gbagbe si ne li ɖaa me. 24 Elabena ŋtilã ɖesiaɖe le abe egbe ene ku ebe ŋti kɔkɔe abe egbe ƒe se ƒoƒo ene. Gbe ƒuna ebe se ƒoƒo gena 25 Voa Aƒetɔ be nya la nɛnɛ ɖaa. Nyasia ye wogblɔ na mi abe nyanyui la ene