1 Azɔ̃ fia Darios ɖegbe be waca woma xɔxɔ wome le woma djraɖo ƒe le Babylonia dua me. 2 Eye le Achmetha, Med be fia dua be fia same wo kpɔ agbalɛa ɖe yi me wo ŋlɔ̃ ɖo be: 3 Fia Kores be fia ɖuɖu ƒe tutugbã mea, fia Kores ɖegbe co Mawu be aƒe yi ne le Yerusalem ŋti be watrɔtui eye ba nyi teƒe yi wanɔ̃ vɔsa wɔŋ le eye ba nyi xɔ yi be gɔmé ɖoɖoa na sesɛ̃ ba kɔkɔ abɔ gogloe katakpo eye ba keke abɔ gaglɔ katakpo. 4 Wa ɖo ekpe kpakpa kati ametɔ̃, ati yeye kati ɖeka fia be axoea ye la tu eƒɛã. 5 Se kpeɖo emã ŋtia ɖɔwɔnu sika tɔ ku klosalo yi woe le Mawu be aƒe me, yio Nebukadeza lɔ djo le yeruzalem be gbadohoa me yi Babilonia, woa trɔ lɔwo gbɔva gbedohoa me le Yerusalem le afiyike be nɔ cã le Mawu be aƒea mea. 6 Fifia azɔa, Tatenaï, ame yi le ɖiɖuŋ le etɔa godo, Setar Boznaï ku mìatɔ Apharsac tɔ yio lé etɔa godoa mì toɖa le gema. 7 Mi nã ne Mawu be aƒe me dɔmã ne yi edji; eye Yudaviwo be ŋkɔnɔtɔ ku ameciciwo ne tui ɖo yike be nɔa. 8 Se kuɖe Israelviwo be ame ciciwo ŋtia me dji be, mia cɔ ega yi mia djɔ le Israel viwo be kɔta yio ne le tɔa godoa tu fɛ̃ na ameyio le Mawu be aƒea tuŋ ale bena edɔa me gba tɔte le dome o. 9 Enu yio ne le veveɖe na numeme vɔsa na djiƒo Mawu: nyicu doami, agbocu ku alɛ̃ wo gbaku lu, dje, wɛ̃, ami wa cɔ wo va na vɔsala yile Yerusalem, gbesiagbe wo ma da edji o. 10 Ale be woa nɔ vɔsa lilili wɔŋ na djiƒo Mawu eye woa do gbeɖa ɖo efia ku viawo ta. 11 Mikpɔ ame ɖekpe yi la da le anya yi ke gblɔge melea dji: wa ɖe ati le yibe hɔt ta eye woa blae ɖo yeŋti eye woa crɔ̃ yi be aƒe la zu kɔkɔli. 12 Mawu ke ɖo yibe ŋkɔ anyi le teƒe ma ne mu efia alo dukɔ ɖekpe yi ado yibe asi ɖoɖa be ya da le nye nyã dji abe ya gbã Mawu be aƒe yi le Yerusalem enye Dario ye do se sia wa wɔ ɖo edji tututu. 13 Eye le fio Dario be nyã yi be gblɔ nua mɔmefia Tatenai, ku watɔwo yio le tɔgodoa wɔ ɖo fia Dario be nya dji. 14 Yuda be ame ciciwo yi hɔa tutudji be dje edji nawo abe aleyi nyãblɔɖila xagga ku Zakari, Ido be ví wo tu xoa be wu enu le Israel Mawu ku Kores, Dario gaku Artaxasta Persia fia be nyãgblɔɖi nu. 15 Wowu xɔa nu le wecri Adar be ŋkeke etɔlia le efia Dario be fiadudu éƒé adelia mé. 16 Israelviwo nunɔlawo, Lewiviwo ku aboyotɔ mamleɛa wo cɔ Mawu be aƒea do asi na Mawu ku djidjɔ. 17 Le Mawu be ahoea be kpekpe mea wo wu nyicu kavetakpo, agbocu katɔ̃, alẽwo, gbɔ̃ tui wuuieve wɔ nuvɔ̃ vɔsa le Israel togbe wuievea nu. 18 Wo ɖo vɔsala wo ku Lewin viwo le ɖoɖoa nu nã Mawu subɔsubɔ le Yerusalem sible leke wo daɖi le Mose be woma mea ene. 19 Ame yio gbɔ co kluvi nyi nyi mea wo ɖu ŋtitɔtɔ zã le woetrí gbã bé ŋkeke woenegɔa dji. 20 Nunɔlawo ku lewi viwó ku Lewi viwó kɔ wó ɖokuiwó ŋ́ti le du, éyé wó kpata ŋ́ti kɔ éyé wo wu ŋtitɔtɔ lèvia nã ame yio gbɔ co kluvi nyinyi mea ku nunɔlawo kpata gaku woŋtɔ cã. 21 Ame yio ɖu enyua woe nyi: Israelvi yi woe ɖe asi le dukɔwo be kɔnu makɔmakɔ wo me eye wo wɔ ɖeke ku Israel be Mawu gaku ame yio gbɔ co kluvi nyenye mea wo. 22 Wo ɖu akpɔ̃nɔ̃ mavá mavã be azã ku djidjɔ ŋkeke adrè ɖoa Yehowa ɖo djidjɔ nawo eye be na be Asiri fia nyɔ dɔme ɖo waŋti, be kpeɖo woaŋti le Israel be Mawu be aƒea tutu me.