Ta 7

1 Le nu ya wo ŋgbedoméa, Persia fiɔ Artaxerxès me fiɔɖuɖu mea Ɛsdra ho va, ameyi ne nyi Seraya me vi, Azaria me vi, Hilkija me vi, 2 Schallum me vi, Tsadok me vi, Achithub me vi, 3 Amaria me vi, Azaria me vi, Merayot me vi, 4 Zerachja me vi, Uzzi me vi, Bukki me vi, 5 Abischua me vi, Phinées me vi, Eleazar me vi, Aaron nunɔlagã me vi. 6 Ɛsdras ya ho co Babylɔn: woma ŋlɔtɔ yi ne co ɖokui na me Mosé me se ya ka Mawu, Israel me Mawu ŋtɔ na ŋlɔŋlɔ sigbe leke Mawu me asi le edja, efiɔa lɔ nu sia nu yi wo biɔla nɛ̃. 7 Israel vi gbogbo ɖé: vɔsalawo ku Lewiviwo, hadjilawo, agbonu djɔlawo ku Néthimtɔwo yi Yérusalem, le fiɔ Artaxerxés me ƒe adréa me. 8 Ɛsdra va ɖo Yérusalem le fiɔa me ƒe ãdrelia me wotri atɔ̃a me; 9 Edjo le Babylɔn le wotri gbãtɔ me ŋkeke gbãtɔ dji, eye eva ɖo Yérusalem le wotri atɔ̃lia me ŋkeke gbãtɔ dji yi me Mawu me asi nyui le édji. 10 Ɖoãtia Ɛsdra ciã cɔ yim me djim be kpla Mawu me seawo eye ya cɔe de dowɔwɔme, eye ya fiɔ̃ Mawu me séa ku ɖoɖowo le Israel me djukɔa dome. 11 Mia kpɔ woma ya kaka efiɔ Srtaxerxès na Ɛsdra nunɔla ku woma ŋlɔla, gbedasi ku Mawu me se yiwo ne ka Israel me fiãtɔ: 12 Artaxerxès fiɔ wo dji fiɔ, ŋlɔ né Ɛsdra nunɔla ku woma ŋlɔla, yi ne lɔ eɖokui dé Diƒo Mawu me séwo ŋɔŋlɔ me. 13 Me na gbe be mia ɖa si Israëlvi desiaɖe, wa me vɔsalawo, ku wa me Lewiviwo, eyi wo ne le nye djukɔa dome, eye wo sɔgbe be yiwo la Yérusalem ku wa. 14 Fiɔ ku yime toɖoƒola ame ãdre woé dɔ wo ɖoɖa be na yi ca ŋku le Yuda ku Yérusalem le wo Mawu me séawo yi ne le asiwo me la nu. 15 Eye na cɔ klosalo ku sika yi fiɔ kaku yi me toɖoƒolawo wo lɔ na Israël ne Mawu yi me nɔƒe ne le Yérusalem yi, 16 ku klosalo ku sika yi na kpɔ le Babylɔn me ŋtowome, ku lɔlɔnufa me nuna yi djukɔwo ku nunɔlawo wo ne Mawu me aƒr yi le Yérusaleméa. 17 Ele be, le ɖo la kpɔe gbo be ya cɔ klosalo ma aƒle enyituwo, agbowo, alewo, eye nusianu yi ne hiã ne nudɔdjɔ ku cikɔɖiwo, eye la cɔɛ̃ asavɔ le mia me Mawu me vɔsamlekpui yi ne le Mawu me ƒe me le Yérusalem. 18 Mi kaku nɔviwo mia cɔ klosaloku sika kpɔtɔɛ̃ awɔ nu ya mi dia le mia me Mawua me lɔlɔnu me. 19 Cɔ nuzasà yiwo mi cɔ de asiwomea daɖe Yérusalem me Mawua me ŋkunu ne wa se wɔdɔ le Mawu me aƒeme. 20 Hiahiá yao ne kpɔtɔ la wɔ le Mawu me afea ŋtia, la cɔ nu le fiɔa me ŋdraɖoƒe acɔ woẽ. 21 Enye fiɔ Artaxerxès me na gbe gadjikpɔtɔwo kekeŋ yi wo ne le etɔa godoa be mia cɔ nu yi wo kekeŋ Ɛsdra, nunɔla ku woma ŋlɔla yi ne cɔ éɖokui na djiƒo me Mawu me seawo nɛ̀. 22 Seɖe klosalo alɔfã ɖeka cu kor alafà ɖeka, vin go alɔfã; ami go alɔfã kaku édjé vivi. 23 Nu sia nu yi djiƒo me Mawua gblɔa wa wɛ̃ tutu ne yi me aféa, be ne yime djiku ŋgbonɔ fiɔɖuƒéa djiwo, alo fiɔa djiwo, alo viawo. 24 Mi le nana mia nya be woma hɔ nunana, gadjɔdjɔ, alo ahefe hafi ava yiwo, le nunɔlawo, le lewuviwo, ce hadjilawo djiwo, le agbonu djɔlawo nuwo, gbeɖohɔme dɔlawo, ku subɔla yiwo ke ne le Mawu me aƒéame o. 25 Eye ewo Ɛsdra le Mawu me nunya yi ne le asiwota, ɖo vɔ̀nudrɔ̃ ku djikpɔlawo ne wa drɔvonu djukɔyinwo ne le tɔa godo eye ameyi ke djesi mawu me sewo, eye wo na ame bubuwo. 26 Amesiame yi ma wɔ Mawu me seawo dji tututu wa ku fiɔ me séo dji wa edje ne ku, ne vɔ̃nu ɖoɖe ɔ̃ ne to hehen, alo ga kpa. 27 Yayratɔ ye nyi Aƒetɔ, min Tɔtɔwo be Mawu yi ne kasi dji ne efiɔa be wa do Mawu me aƒe ɖe dji le yérusalem, 28 Mawu yi ne na be me kpɔ amenuveve le fiɔ, ku yime toɖofolawo, ku yi me amegã wo me ŋkumé! Mawu yi ne le dji nyéa, me asi doŋ nuse eye me bɔ Israël me amegáwo be ne wa djo.