1 Melé nuyawo gblɔ̃ ne mi ale be woŋgba va zu nuɖiaɖia wo ne mi o. 2 Wola ɖemi dro le wobe hawó mé, ye ŋutɔcã gamé li gbɔ̃nɔ̃ ye ameyi la wumia la xɔse be yile sumɔ Mawu yé. 3 Ye woa wɔ nuyawo ɖoa wo me djesi tɔtɔ nye alo enye ó. 4 Me le enya yawo gblɔ̃ ne mi ale be ne gamea va ɖoa ne mia ɖo ŋuku edji be me gblɔɛ ne yiwo. Nye me gblɔɛ ne mi co gɔme djedjea o ɖoa ŋutia meli gaku mí 5 ̇Fifia mele djodjo yi ameyi ne dɔŋ ɖoɖa gbɔ, yemia dometɔa ɖekpe me biɔsé be : afika yiŋ lelé o mɛ̀ɛ ? 6 Ke boŋ ke me gblɔ̃ nyayawo ne mia, mia be djiwo djo yɔ ku blanyui lélé. 7 Fifia azɔ̃a nyawo tɔŋ mele nemí : la dɔ̃ miadji be ma djoyi , ɖoa ne nye me yi o wa , nyaxɔ ɖo akɔtɔa me dja va mia gbɔ o vɔa ne me yia ma dɔɛ ɖoɖa mí. 8 Ye ne be va, la cɔ nya le xixeame ŋuci kuɖe nuvɔ̃, djɔdjɔe nyenye gaku ʋɔnu drɔdrɔ ŋuti. 9 Nuyi kuɖe nuvɔ̃ ŋutia, ɖoa wo me xɔ dje nye sé o ; 10 Le djɔdjɔe nyenye ŋutia, ɖoa me djole tɔtɔ nye gbɔ yiŋ, yé miŋ gba dja kpɔŋ ke o. 11 Le ʋɔnu drɔdrɔ ŋutia, ɖoa w drɔ vɔnu xixéame be fiɔvia xóxó. 12 Nyã sugbɔwo le asinye ma gblɔ ne mi, vɔa mima teŋ cɔ wo kpata fifia o. 13 Ne nyaxɔɖoakɔ tɔa, nyateƒe gbɔgbɔa, ne va, la vakplɔ mia yi, nyateƒe bliboa kpata me ɖoa maƒonu le yiŋtɔ ɖokui si o, vɔa la gblɔ nuyiwo kpata be sea ne mi, ye ba gblɔ̃ enuyio gbɔnɔa ne mí. 14 La kafuŋ ɖoa la cɔ ɖe le tɔ̃nye me la gblɔ̃ ne mi. 15 Nusianu yi lee tɔtɔ nye sia tɔnyée, ye yeŋti me gblɔ̃ be la cɔ ɖe le tɔnye me agblɔ̃ afiɔ̃ mí. 16 Ekpɔtɔ game viɖe, ye miŋ gba kpɔ mó, ye egba kpoto game viɖe mia kpɔŋ ɖoa ŋutia me yina tɔtɔ nye gbɔ. 17 Le ema djia yibe nusrɔ̃vi ɖewo le gblɔ̃gblɔ̃ le wonɔ̃ɛwo dome be : nuka gblɔ wo le ne be : ékpɔ̃tɔ game viɖe ye mia kpɔ̃ŋ ɖoa ŋutia me le tɔtɔ nye gbɔ yiŋ ? 18 Wo le gblɔ̃ azɔ̃ be : nya yi gblɔŋ be lé ne mia be gome ɖe ? mi me nya énya yi gblɔ̃ŋ be lé o. 19 Yesu nya be wolé djidji abiɔ̃ye enyã yi ye gblɔ̃ nɔ̃wó be : mí le nya biɔse wɔ̃ne mia nɔ̃nɔ̃wó le enyã yi me gblɔ̃a ŋuti be : ékpɔtɔ viɖe ye míŋ gbadja kpɔm o, ye ékpɔtɔ viɖe yé mia kpɔm. 20 Le nyãteƒe le nyãteƒe mea me le gblɔ ne mi be, mia favi, ye mia fakoenyi, ye xixeame la kpɔ djidjɔ ; mia nɔ̃ blanui lélé me, vɔa miabe blanui léléa latrɔ djidjɔ nemi. 21 Ne éfu le nyɔ̃nu ɖuma efana konyi ɖoa yibe vidjidji be game su, ne édji via vɔa éŋlɔna be yibe konyi fãfã le djidjɔ kpɔkpɔ yi be kpɔna be ye dji ame ɖo xixéame. 22 Miɔ cã fifia milé konyi fãfã me, vɔa ma gba trɔa kpɔ mi ye mia be dji la kpɔ djidjɔ, ye ame ɖekpe ma xɔ mia be djidjɔ kpɔkpɔa lé mia si o. 23 Ye cɔ ŋukeke ma djia, mi ma gba biɔnyã co naɖekpe ŋuti ko. Le nyãteƒe, le nyãteƒe mea, me le gblɔ̃ne mi be nuyi mia tɔtɔ nye le nyikɔ nye mea la cɔɛ̃ ne mí. 24 Kaka va seɖe fifia, mi me kpɔ̃ biɔ̃ nuɖekpé le nyikɔ nye me o. Mi biɔnueye mia xɔnu ye mia be djidjɔ kpɔkpɔa badé blibó. 25 Melé nyayawo gblɔ̃ ne mi le lolododo mé. Gamea li gbɔ̃nɔ̃ yike nyeŋ gbadja ƒonu ne mi le lododo me ke o, vɔa afiyi ma ƒonu ne mi faa co tɔtɔ nye ŋuti. 26 Le gbemagbea, mia biɔnu le nyikɔ nye me, ye nye ma gblɔ ne mi be gbé ye ma doɖa né tɔtɔ nyé ne mió, 27 Ɖoa tɔtɔ nye lɔ̃nãmi, nuke ŋutia mí lɔ̃ nya nye gbɔ ye mi xɔɛsé cã be yi me ye me dro có. 28 Tɔtɔ nye mé, me dro co, cɛ me va xixéa me, azɔ̃a me le djodjo le xixéame ; atroa yi tɔtɔ nye gbɔ. 29 Yibe nusrɔviɔ gblɔ̃nɛ be : kpɔɖa azɔa lélé nuƒoƒo ne mí fɛɛ, me zã lodo nya ɖekpe o. 30 Fifidjɛ mí djesi be ne nyã énuwó kekeŋ, ye me hiã be ame ɖékpé ba biɔwób; yeŋutia mi xɔɛsé be Mawu me le có. 31 Yesu ɖoeŋutinɔ̃ be : mí xɔɛsé azɔ̃a. 32 Kpɔɖa, game li gbɔnɔ, ye be va ɖo cã vɔ, ye mia ka hlé, amesiame ayi éɖokui gbɔ agblé nyeɖekaɖi, vɔa me nyi nye ɖeka yeo, ɖoa tɔtɔ nye li gbakplim. 33 Me gblɔ̃ énya yawo ne mi ale be mia ɖo ŋutifafa le menye. Mia kpɔ yome cici le xixéa me, vɔa mi do ŋusɛ̃ enu, me ɖu xixea me dji.