1 Ye ameaɖe lé dɔ leŋ, yi ŋkɔ enye Lazaro co betania, kɔƒe yi ne nyi Maria ku nɔvia marta be kɔƒe me. 2 Ye nyi Maria yi né cɔ anuatré siné aƒetɔa, ye be tutu afɔwo nɛ gaku yibe ɖawo, nɔvia Lazaro le dɔ leŋ. 3 Dadawo dɔ amewo be wo né yi gblɔné Yesu be : aƒetɔ. ameyi ne lɔ̃nã elé dɔleŋ. 4 Ke Yesu sé ényãya égblɔ̃ be : edɔya menyi eku be dɔ, vɔa la hé ŋuti kɔkɔe va né Mawu ye woa kɔ Mawu via ŋuti to émé. 5 Yesu lɔ̃ Marta gaku nɔ̃via, Lazaro cã. 6 Gayime be se Lazaro be dɔlé nyã, égba kpɔtɔ ti fiyi belé ŋkeke ameve sɔ̃ŋ 7 Cɔ yi édjia égblɔ né nusrɔ̃vio be : mí trɔ yi yudea. 8 Nusrɔ̃viwo gblɔ̃nɛ be Rabi nyi cɔ pɛɛ kpoe yudatɔwo dji be ye wa ƒukpewo ye le gba lé fima yimã. 9 Yesu ɖoeŋti nɔ̃ be mé nyi gaƒoƒo amewuieve ye nɔna ŋukeke ɖeka meo wa ! ne ameaɖe le zɔ̃zɔ̃ le ŋukeke mea me klina nuo ɖoa élé xixeya me be kekeli kpɔŋ. 10 Vɔa ne ameaɖe le zɔ̃zɔ̃ le zãmea eklinanu, ɖoa kekeliame lé éméo. 11 Le enyãmawo be ŋugbo domea, égblɔnɔwo be : Lazaro mìa xɔlɔ̃a élé alɔ̃ dɔm, vɔa mi lé dja va yi fɔɛ co alɔ̃a mé. 12 Ye nusrɔ̃viwo gblɔ̃ ne be : aƒetɔ nélé alɔ̃ dɔ̃ma ela kpɔ dɔyɔyɔ. 13 Yesua yí be ku ŋutiébe le nuƒoŋ kuɖo, vɔa wo xɔse be adɔ̃ alɔ̃ ayi booa gblɔ be lé. 14 Ye Yesu ʋu émé nɔwo gblɔ be : Lazaro ku. 15 Ye, kuɖe míata be mia xɔeséa. Djidjɔm ŋutɔ be nye me lé fimɔ. Vɔa mi zɔ̃ miyi égbɔ. 16 Nya yi djié Toma ke wo yɔna be venavia gblɔ ne nusrɔvi kpɔtɛɔ be mi zɔ̃ ne miawo cã mì ti gbakui. 17 Ke Yesu yia ékpɔ be Lazaro nɔ yɔdome xɔ ŋukeke amené vɔ vayi. 18 Ke betania cɔ le Yeruzalem gbɔ lanɔ abe kilometa woeatɔ̃ mawoe éné. 19 Yudatɔ gbogboɖewo co fima va mata ku maria gbɔ be ne yewa fakoe nɔwo kuɖe wonɔvi be kua ŋuti. 20 Ke Marta se be Yesu gbɔnɔa, evayi dogoé,ceye Maria ya leanyi nɔƒe daɖi le aƒeame. 21 Marta gblɔ né Yesu be : aƒetɔ ne fiya le ke nɔa, nɔvinyea ma ke kuo. 22 Vɔa, fifidjɛ ŋutɔcã, me nyɛ be nusianu yi la biɔ Mawua, Mawu la cɔɛ nɔ. 23 Yesu gblɔ ne be : nɔviwoa élé titré tigbé 24 Marta ɖoeŋuti ne be : me nyã, be ele titre tigbé, lé titré titi ŋukeke mamlɛa dji. 25 Yesu gblɔnɛ be : enyé nyi titré titi ku agbea. Ameyi xɔ djinye sea, la nɔ̃ agbé ne nyi be égbaku ŋtɔcã. 26 Ye amesiame yi la gbé xɔ djinyé sea maku kpɔ gbeɖeo. Le xɔ nyama dji sea ? 27 Egblɔ ne be : ɛ̀ɛ, aƒetɔ, mexɔesé be ewoe nyi kristo Mawu be vi yi ɖo la va xixéamé. 28 Eye be gblɔ nyamawo vɔa, éɖe yi. Ye be va yi tɔnutɔ ne Maria, nɔvia djaaɖe gblɔ ne be : nufiala va fiyaxeye be le tawose biɔŋ. 29 Ke Maria sé ziɖeka écité gba, ye be tuta égbɔ. 30 Eyi Yesu me kpɔ va ɖo kɔpea me haɖeo wa, boŋua egba kpɔtɔ le fiyi ke Marta va yi dogoe nɔ̃. 31 Yudatɔyiwo le Maria gbɔ le aƒeame le akɔfanea wo kpoɛ be tite kaba dro, wo kplɔɛ do ye wo lé gblɔgblɔ be élé yɔdoatɔ yiŋ agbayi favi. 32 Ke Maria va ɖo afiyi Yesu lea yi be kpɔɛa, edjeklɔ léyibe afɔno, ye be gblɔ né be : aƒetɔ, ne valéva fiya la nyi ne nɔ̃vinyea maku o. 33 Ye Yesu kpɔɛ be lé avi fãŋ, yi cã gaku yudatɔ yiwó nɔ eŋutia wo cã lé avi fama, édo domedjoe le ye ɖokui me ye be tɔtɔ. 34 Ye be gblɔ be : gika mi daɛ ɖo ? aƒetɔ, wo ɖo ŋutinɛ va ye na kpɔ. 35 Yesu favi. 36 Yudatɔ gblɔ be : mí kpɔ ɖeke be lɔna yibe nyã gbɔ là. 37 Ye ameaɖewo lé wodome be lé gblɔgblɔ be : ye yi ke ne ʋu ŋuku ne ŋuku gbagbatɔwa, ɖe ye ma teŋ woe ne ameya magakuowa ? 38 Ke Yesu kpɔtɔ lé dɔmedje dɔŋ le yeɖokui mé, kaka yi yɔdoa gblɔ. egu be nyi ye wo cɔ ékpé da nu nɛ. 39 Yesu gblɔ be : mí ɖe kpéa ɖa. Marta amekukua be nɔvi gblɔnɛ be : aƒetɔ, élé ʋɛʋɛ xoxo vo, ɖoa ŋukeke amené wo nyiyawo ye be lé fiya. 40 Yesu gblɔ né be : nye mé gblɔ nɔwo be ne le xɔe séa la kpɔ Mawu be ŋuti kɔkɔea ? 41 Azɔ̃ wo ɖe kpéa ɖa. Ye Yesu kɔmo yidji, ye be gblɔ be : tɔtɔ nye me cɔ ŋuti kɔkɔe nɔ be ne ɖo toŋ. 42 Le gbɔ nyea me nyã be lé ɖona toŋ godo ; vɔa me le yɔ̃o kuɖe dukɔ ke ƒoxlama ŋuti, élé be wo né xɔe sé be woe doŋ ɖoɖa. 43 Ke be gblɔ nyama wo vɔa, wo do wlui ku gbé sɛsɛ̃ gblɔ̃ be : Lazaroé dro ! 44 Ye ame kukua dro va, ye wo bla yibe afɔwo, kuyibe alɔwo ku ameɖivɔa, ye taku cɔ mo né. Yesu gblɔ be : mi tui, ye mí tati ne ba yi. 45 Yudatɔ gbogbo yiwo va Maria gbɔ, ye wo kpɔ nuyi Yesu wɔa, wo xɔ édji sé. 46 Vɔa ameɖewo, lé amewo domé wo yi kpɔ farisitɔwo ye wo va yi gblɔ nuyi Yesu woa nɔwo. 47 Ye vɔsatɔ gãwo ku farisitɔwo kpeta le aɖaŋ ɖeƒe, ye wo gblɔ be : nuka mía wɔ ? Ɖoa ameya lé ŋukunu sugbɔ wɔ ŋutɔ. 48 Ne mi tati eŋuti be le wɔma, amesiame lava xɔ édji asé, ye romatɔwo la va gba míabe dua, ye woa xɔ miabe anyi gbã. 49 Ye, wo dome tɔ ɖeka, Kayafa meyi djié wo cɔ vɔsasa daɖo le éƒé ma mea, gblɔnɔwo be : miawoea mí mé sénuɖekpe gɔme kruawo ; 50 Ye mi mé butamé cã kpɔ be ényi viɖe nemí, be ameɖeka ne ku lé dukɔa ta, ye dua kpata kekeŋ ŋugba trɔwoa. 51 Vɔa mé gblɔ nya le éɖokui sio : boŋ ke be nyi vɔsala tiatia le ƒema me ŋuti, be gblɔ nyã ɖi kuɖe Yesu ŋuti be la ku lé dukɔa ta. 52 Ye me nyi le dukɔa ta ɖeɖe kpɔ, cã be woa bɔ Mawu vi yi wo kaka be woa zu Mawu vi ɖeka. 53 Co gbe magbe djia wo wɔ cãcã be yewa wui. 54 Ema ŋutié Yesu ŋugba ɖena eɖokui fiɔ̃ gbaa le yuda tɔwo dome o ; vɔa edjoyi anyigbã ɖe yi cɔ lé zogbedji gbɔa dji le du ɖe yi wo yɔna be éfrayimb; ye be nɔ fima ku yibe nusrɔ̃viwo. 55 Ye yudatowo be ŋuti toto be azã be gamé lé goagogo. Ye dua mé tɔwo geɖe djoyi Yeruzalem be ye woa va kɔ yo ɖokuiwo ŋuti , djeŋkɔ ne azã. 56 Wo dji Yesu, ye wo lé gblɔgblɔ lé wo nɔnɔe wo dome le gbedo xɔa me be : nuka susu milé me djava azã me yea ? 57 Ye vɔsala gãwo gaku farisitɔwo wɔ nana nyanya daɖi, be né ameaɖe nya afiyi be lé ne gblɔe ne ye woa vayi li