1 Le nyateƒe mea mélé gblɔ ne mí, ameyi me to agboanu géɖé alẽ kpamé woa, vɔa be liɛ to afibua fiafitɔ ku adjoglasu be nyi. 2 Vɔa ameyi géɖémé to agboanu, yé nyi kplɔla ne alẽwó. 3 Agbonu djɔla ʋunɛ, eye alẽwó séna yi be ; eyɔna nyikɔ ne alẽyiwo nyi yiŋutɔ tɔa, yé be kplɔnawo drona. 4 Ne yiŋutɔ be alẽwo droa ézɔ̃na lé ŋkɔnɔ̃, yé alẽawo kplɔnɛ do, ɖoa wo djesi yibe gbe. 5 Wo mé kplɔna amedro ɖo o; vɔa wó sina yina djidjiƒe le egbɔ, ɖoa wo mé djenasi amedro be gbe o. 6 Yesu do ló ya nɔ̃wó, vɔa wo me nyã nuyiŋtié bélé ŋƒo ƒonɔ̃ kuɖo o. 7 Yesu gba gblɔ̃nɔ̃ be : le nyãteƒe le nyãteƒe mea : mele gblɔ̃ne mi be enye nyi alewo ba gboa. 8 Ameyio kpata va do ŋukɔ fiafitɔ ku adjogblasu ye wo nyi, vɔa alẽo me ɖonatowo 9 Enyé nyi agboa. Ne ameɖe to mé nyé yi éméa la kpɔ xɔxɔ, layi émé ye ba gba dro, eye ba kpɔ égbé ɖuƒéwo. 10 Fiafitɔa me vanã ne me nyi nulɔlɔ, nutɔame ku gblégblé ŋutio ; nyea me va be alewo na kpɔ agbe, ye woa nɔ̃ agbɔsusu mé. 11 Nye nyi kplɔla nyuitɔ, kplɔla nyuitɔa cɔna yiba gbé nanã ɖo yibe alewo ta. 12 Vɔa agbaté cɔtɔ, yi me nyi kplɔla o, ye alẽwo me nyi ye tɔwoa, ne kpɔ lãklí gbɔ̃nɔ̃a égblénã alewo daɖi, ye be sina djonã ye lãkli djena wodji, ye be kanawo xle. 13 Agbate cɔtɔa sina, nuyiŋtia agbaté cɔtɔɛ, ye me cɔna vévé ne alɛa wo ! 14 Nyé nyi alɛ kplɔla nyuitɔa. Me djesi alɛ nyeo, ye wo cã wo djesiŋ. 15 Sigbe ɖeke tɔtɔ nye djesiŋ ye ŋucã me djesi énéa, ye me cɔ agbé nyéa cɔ na ɖo alɛ nyea wo ta. 16 Alɛ buwo gba le asinye, kewo mele ekpaya meo, emawoa élénam be ma kplɔwo va, woasé gbé nyé woa zu alɛ kpa ɖeka ku kplɔla ɖeka. 17 Tɔtɔ nye lɔŋ, ɖoa me cɔ agbe nyea na ye megbe domea ma gba xɔɛ. 18 Améɖékpé me xɔɛ le asinyeo, vɔa nyeŋutɔɛ cɔɛ na ŋusẽ le asinye be ma coɛ na yé ma gba trɔa xɔɛ, eya ye nyi ɖoɖo yi me xɔ có tɔtɔ nye gbɔ 19 Eye mama gba ɖo Yudatɔwo dome kuɖe nyamawó ŋuti. 20 Ame gbogboɖewo le wodomea gblɔ be : gbɔgbɔvɔ̃ le eme, aɖaʋatɔɛ, nukaŋti mi le toɖoé. 21 Ebuwo gblɔ be : eya me nyi ameyi me gbɔgbɔvɔ̃clea be nyãwó, gbɔgbɔvɔ̃a ɖé mateŋ aʋuŋku ne ŋuku gbagbatɔ ? 22 Ke wóle Mawu xɔ ɖɔɖɔɖo be azã ɖuŋ le Yeruzalem ye nyi avuvɔ̃ be game. 23 Ye Yesu le cacã le Mawu ƒea me le salumɔ be ʋɔtrua gɔme. 24 Yudatɔwó ƒoxlaɛ yewó gblɔ nɛ be : va seɖo gakame lálé mía be luʋɔ̃ teɖo anyí vaseɖo ? Ne woé nyi Kristoa gblɔ̃ ne mí lé nyãteƒe mé. 25 Yesu ɖoeŋuti nɔwo be : me gblɔɛ ne mí, ye mí me xɔɛ séo.Edɔ yiwo wɔ̃ melea le tɔtɔnye be ŋukɔ mea woé le aɖase ɖiŋ kuɖé ŋutinye. 26 Vɔa mí me le djinye xɔ̃ se o ɖoaŋutia mí me nyu alɛ nyeo be dome tɔwó. 27 Alɛ nyewo sena nye gbe, me djesiwó ye wo kplɔ̃na ɖonye. 28 Me nawo agbe mavɔ ; ye wo ma crɔ̃ gbeɖeo, ameaɖekpe ma xɔwo le asinye me o. 29 Tɔtɔ nye, yi cɔwó doasi ne ma, élolo wo enuwo kpata ; ye ameɖekpe maxɔwo le tɔtɔ nye si o. 30 Nye gaku tɔtɔ nyea milé ɖeka. 31 Ye yudatɔwo fɔ kpé azɔ be yewa ƒui. 32 Yesu gblɔ̃nɔ̃ wo be : me cɔ dɔwɔwɔ nyui géɖé co tɔtɔ nye gbɔ va cɔ fiɔ mí : wo dome tɔ ka ŋuti ye mí be yewa ƒukoé lé ? 33 Ye yudatɔwo ɖoŋutinɔwo be me nyi dɔwɔwɔ nyuiwo ŋutié mí be miaƒu kpéwo lé o, vɔa le busu nyã ŋuti, ɖoa ame le nyi voa cɔ ɖokuiwo cɔ wɔ Mawu. 34 Yesu ɖo ŋuti nɔ̃wo be : alo ɖe wo me ŋlɔɛ le mía be sea me be : Mawuo mi nyiowa. 35 Ne nyi eyɔ Mawu ne ameyi ŋuti Mawu nya va ɖoa ye ne wo ma da lé Mawu be nyã djio woa ; 36 Ameyi ŋuti tɔtɔa kɔ ye be dɔɛ ɖoɖa xixeamea, mi le gblɔgblɔ ne be : égblɔ busu ! émãta ɖoa me gblɔ be : Mawu vié me nyi. 37 Ne nyi be nye mele tɔtɔ nye be dɔwo wɔmowa míŋ gba xɔ djinye séo. 38 Vɔa né melé wowɔma, ne mí mé xɔ djinyé sécãwoa mí xɔ yibe dɔwo djisé, slebe mía djesi, ye mia nyɛ be tɔtɔ nyea le me nye, ye ŋucã melé tɔtɔ nyea mé. 39 Le éma djia wo gba dji be ye woa lé, vɔa edro lé woasí. 40 Yesu djoyi yɔrdã tɔa ŋugbodome, le fiyike Jã de Mawu ci ta nɔ̃ tutugbã. Ye be nɔ fima. 41 Ame geɖe va egbɔ, ye wo gblɔ be : Jã me wɔ nukunu ɖekpeo : vɔa enya yewo kpata Jã gblɔ co yeŋutia nyawo benyi. 42 Ye le fima amesugbɔ xɔ edji sé