Eta 8

1 Nɔviwo, mina nuanya Mawu ki amenuveve ke wona le Makedonia hamewo me. 2 Dobe xaxa me dodokpɔ gede me wo woki jijɔ ki sugbɔsugbɔ fu kiki woki ahedada, ke ŋu se la, gba go le le woki jimekɔkɔ ki kesinɔnuwome. 3 Dobe mele di ɖasé be, woa ŋutɔwo lɔ na nu faa leke wote ŋui , yi wona nu wu leke wote ŋui ca. 4 Yi wocɔ nuxɔxlɔ gede ɖe kuku nimi be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ki amenu veve kiki hadede me; 5 yi menyi leke mikpɔ mɔ la ɖeɖeko o, ke boŋ wocɔ wo ɖokui ni Mawu gba kiki miawo ca to Mawu kilɔlɔnu me. 6 Sigbe leke mibia tito be leke ejé igɔme xoxo la, nenema kiéwoawu amenuveve kea nu le mia dome ca. 7 Yi leké migba go le nusianu me le xɔse kiki nya kiki enunyanya kiki veviedodo kpata kiki lɔlɔ, ke micɔ lɔ mi la me la, nenema kié miagbago le amenuveve kea ca me. 8 Menyi esédodo yi melé na mi o, ke boŋ mecɔ ame bubuwo ki veviedodo do do miaki lɔlɔ ca ki vavanyinyi kpɔ. 9 Dobe minya mia Afetɔ Yesu Kristo ki amenuveve be, kesinɔtɔ enyi keŋkafe, yi mia ta eva dahe ɖobe miawo la miato yiki ahedada la me azi kesinɔtɔwo. . 10 Yi meɖo aɖaŋu le esia me; dobe esia nyo nimi amekewo meto ewɔwɔ gome ɖeɖeko o, ke boŋ edidi ca, anyi epe dika yi nyi eke. 11 Miwu ewɔwɔ la fifi beleke misu te yilɔ ɖe iji faa la, miawu inu ca le enuke le mia si la nu nene kie. 12 Dobe ni eji lɔlɔ le la, ejé ame ŋu be miaxɔ enuke le amesi la nu, yi menyi le enuke melé amesi o la nu o. 13 Vɔa menyi be, ame bubuwo nakpɔ gbɔɖeme, yi miawo miakpɔ miakpɔ xaxa keŋkafe o, ke boŋ beni woasɔ pɛ yiyiyi sia me be miaki sugbɔsugbɔ, ke gba go la nanɛ woamawo ki hiatuame tefe 14 beni woamawo ki sugbɔ sugbɔ ke gba go la, ca nava nɛ miaki hiatuame tefe, be woasɔpɛ, 15 sigbe leke woŋlɔ ɖe nene be: ameke fɔnu fu la mekpɔ eɖekpekpe ɖe iji o, yi ame ke ke fɔe vee ko la, nanekpekpe mahiae o. 16 Yi woaɖa akpe ni Mawu ameke cɔ nene ki vevedodo le mia ŋu kea de Tiko ki ji me; 17 ɖobe exɔ nuxɔxlɔ sia; yi eke wodo veve wu ŋuti la ecoŋ yi mia gbɔ le le yi ŋutɔ ki lɔlɔnu nu. 18 Yi midɔ iya kiki nɔvi ke ŋu kafukafu le le nyanyuie ŋuti le hamewo kpata me la, ɖo ɖa. 19 Yi menyi ekea ɖeɖe ko o, keŋ ka fe ehamewo ciae ca, be woanyi mia hamɔzɔ la le amenuveve kea, ke miwɔna cona Afetɔ la ki kafu kiki miaki lɔlɔ ki ɖeɖefia me. 20 Nene milé xemɔ ni ekea, be ame ɖe kpe kpe ŋgbɔ ka ŋkume ni mi le nujɔjɔ ga kea, ke mina wojɔ la la ŋuti o. 21 Dobe miaki etamesusu wo le enu nyuie yome, menyi le Afetɔ la ki ŋku me ɖeɖe ko o, ke le amewo ki ŋukime ca. 22 Yi midɔ wo kiki mia nɔvi, ke mido kpɔ le enu dewo me inuinu, yimikpɔ be, elédo vevié, yi azɔ la elé do vevié ɖewo wu ɖewo wu ɖecatɔ le jidodo ɖeamenu ga, ke miaŋu la ta. 23 Le Tito gome la, nye zɔhɛ enyi yi ehadɔwɔla enyi le mia gbɔ, le nɔvi kewo co mia gome la, ehame ki amedɔdɔwo wo nyi! kiki bubu ni Kristo. 24 Tete ni mide miaki lɔlɔ kiki miaki adegbé ke mipona le mia ŋu la, ki jési fia woamawo la ekema midefia le ehameawo ki ŋku me.