Eta 3

1 Enye Paul mele po eto ɖe ni mi to Kristo ki bɔbɔnyinyi kiki edɔme nyuiɛ me. Menyi ame bɔbɔɖokui le mia ki ŋkume le mia dome. Ne enyi be enye Mele mia gbɔ ola ŋfé eji mele nanyi o. 2 Mele ɖe kuku ni mi be, ne mele mia gbɔ la, nye mateŋ doji karé yi ji o. Vɔ la mekaré be anyɔ be ma do eji le amekewo le bu mi be mile niɛ agbe le eŋutila me ta: 3 Ɖo be eke enyi be eŋutila me yi mile zɔle ca la; mi mele wɔava kiki eŋutila o. 4 Ɖobe mia ki avawɔnuwo menyui eŋutila tɔ o; vɔ la eŋusenu ke wo wocɔ le gbaa emɔ̄wo le puanyi yi wonyi le Mawu ki ŋkume, ele crɔ ameblenuwo. 5 Mile gbaa enu kɔkɔ kewo le kéké wo ɖokoewo ɖe eji le Mawu ki enunyanyata 6 Yi mile dadro ca be mia tuu yui vɔɛ le etosese eɖesiɖe ŋuti, be miaki etoɖoɖo nade blibo. 7 Mikpɔ enuke le ŋkɔgbe ni mi la nyuiɛɖe. Ne amɛɖe karé yi ɖokoe ji be Kristo tɔ yinyila, na ɖoŋku yi ji be sigbe leke ele le Kristo me la mia ca mile nene; ne enyi be mepo adegbe viɖe wa le eŋuse ke Aƒetɔ cɔni mi be mia kplɔ mi yi ŋkɔŋgbe; 8 menyi be miagble mi o ta la ŋkpié mawɔ mi o 9 Be nyemegblɔwo sigbe mele cɔ homa be do vɔvɔ ni mi nene o 10 Ɖo be ameɖewo le gblɔ be homawo kpena yi wosese; vɔ la yiŋtɔ nyi ame blefiblefi, yi yiki enyawo mele eɖekpekpe me o. 11 Nene ki ame nanya be ameke fomevi minyi le enya me le homa me, ɛke mi melemia gbɔ o la, nene ki amewo kié yi mianyi le edɔwɔwɔ me, ne mile mia gbɔ. 12 Mi mele ba mia ɖokoewo kpe ɖewo ŋu, alo miacɔ mia ɖokoewo ɖe amekewo le kafa wo dokoe ŋu o. Vɔla eke wole cɔ woa ŋtɔwo le sɔ kiki wo nɔnɔwo la, womenya enu o. 13 Miawo ya mi mapo adegbe wunu o. Gakié jijéka ke Mawu cɔni mi la me yi miale; jijéjiyé ke la fla mi yü wu. 14 Mimeyi cɔwu mia ki jijéjijé le egakeme mitu mi o. Minyi ame kilékélé kewo cɔ Kristo ki enyanyuie va mia gbɔ la. 15 Mi mepo adegbe le amebubuwo ki edɔwɔwo ŋu o. Vɔa emokpɔkpɔ le mia si be ni mia ki xɔse be ci ɖe yiji la mia ci azi gaa le mia dome le mia ki jijéka nu. 16 Be miagblɔ enyanyuie fia le anyi gba kewo mele miagbɔola ji, be mi megbɔpo adegbe le ame bubuwoki edɔwɔwɔ ke wowɔ le amebubuwo ki anyigba ji o. 17 Ameke le po adegbe la na poe le Aƒetɔ ki enyikɔ me. 18 Ɖo be menyi ameke ca yi ɖokoa yi nyi ame nyuiɛ o. Boŋ la ameke Mawu le kafu la yi.