Eta 2

1 Enye ŋtɔ meɖo etame be ŋmagbɔcɔ enuxaxa va mia gbɔ o. 2 Ɖo be ne mena mixa enu la, ame kala yi la nyi ameke la do ejijɔ nuŋo? Menyi ameke ŋtɔ mena woxa nu la yia? 3 Meŋlɔɛ nimibe ne meva la, nye megbɔ kpɔ enuxaxa cɔŋ amekewo ŋuti makpɔ ejijɔ le la gbɔ o. Eke medoji ɖe mia kpata mia ŋu be ŋfe ejijɔ anyi mia kpata mia tɔla ta. 4 Ɖo be meŋlɔɛ ni mi le efukpe kpe sugbɔ kiki ejimexaxame, mecɔ aɖaci sugbɔ ŋlɔɛ ni mi, menyi be mana miaxa nuo, vɔ la mia nya lɔlɔ ke mecɔ lɔ mi veveré wu la. 5 Ne ameɖe na ame xa nu la, menyi enye yi na exa nu o, yi enye ŋmagblɔwunu ola, mia kpata tɔ yi. 6 Etohéhé ke ame sugbɔ woanɛ le mia dome la sugbɔ nɛ; 7 Yi ta mi cɔ kee, yi mifa akɔ nɛ ɖe yi tefe, be enuxaxa sugbɔ megbɔ té ɖe yi ji o. 8 Yi ta mele do eŋuse mi, be mia ki lɔlɔ ɖe yi ŋu naseŋu wu; 9 Enuke ta mele ŋlɔ ni mi le enyatefe me be mado mi kpɔ yi manya be mile ɖoto be enuwo kpata mea? 10 Ameke micɔ ke la, enye ca mecɔ kee le miata le Kristo ni enyikɔ me. 11 Be satana megbɔ xɔ mi o; ɖo be mi nya yi ki etamedodowo kpata. 12 Wohu ehɔtru nuŋ, le Aƒetɔ la me eke meva trɔ be magblɔ Kristo ki enyanyuie la, 13 Nye mekpɔ ejijɔ le gbɔgbɔ me o; ɖo be nye mekpɔ nɔvinye Tito o, mekla wo, yi meyi makadonia. 14 Wona da akpe ni Mawu, ke le na be mele ɖuji la le Kristo me, yi woɖe yiki enunya ki vévé lilili la ɖe ego fia to mia ji le afisiafi. 15 Ɖo be mi nyi Kristo ki veve lilili ni Mawu le amekewo wole xɔ ɖe agbe kiki amekewo le crɔ la dome. 16 Ni amekewo lazi eku ki veve cɔ yi ɖe eku me, yi ni ame eɖetɔa kewola kpɔ xɔxɔ la azi agbe ki veve yi ɖe agbe me; yi amekalayi su enu keawo nu o? 17 Ɖo be mi mele sigbe makewo le jra Mawu kie nya ni wo ki eviɖe o. Le enyatefe me la Mawu me yi mele cɔɛ coŋ le gblɔ enya le Mawu ki ŋkume le Kristo me.