Eta 1

1 Pɔlu, Yesu Kristo be gamenɔtɔ ku nɔvi Timote, na Filemɔ miabe lɔlɔtɔ ku mĩabe hadɔwɔla. 2 Na nɔvi gnɔnu Afia, na Arcipo miabe aʋa hadɔwola ku na hame yile aƒewome. 3 Amenuveve ku ŋtifafa nami tsoMawu mĩa tɔtɔ ku aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ! 4 Mele akpe dom ne Mawunye ɖaa le tawò, le ŋkuɖom diwò le gbedodoɖa nyewo me. 5 Ɖoa wona menya xɔse yile asiwò le aƒetɔ Kristo me ku wò lɔlɔ̃ na amekɔkɔewo. 6 Me biɔ tso egbɔ be wo agbagbadjedje le xɔse me la nadje le Kristo ta bena woa nya nunyuiwo kpata le mía me. 7 Mekpɔ djidjɔ gãɖe ku akɔfafa gãɖe le wò lɔlɔla ŋutsi. Ɖoa nɔvinye amekɔkɔewo kpɔ djidjeme to djiwò. 8 Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ le asi nye le Kristo me bena ma ŋlɔ nu yi dje be na wɔcã la me kpɔe be anyo wu 9 be le lɔlɔ ta mele kuku ɖem nawò ameyi menye,̇ Pɔlu amecici eye gawula Yesu kristo be gamenɔtɔ. 10 Mele kuku ɖem nawò le vinye Onésimo ta ameyi me dji le kɔsɔkɔsɔwo me. 11 Ameyi cã la meɖevi nawò o vɔa fifia eɖevi nawò ku nye cã. 12 Mele edɔm ɖoɖawo sigbe nye adɔmevi ene. 13 Medji be neci gbɔnye ne wòa tsɔ dɔ nem le teƒewò le gaƒoƒo yime mele kɔsɔkɔsɔme le nyãnyuia ta 14 Vɔa nye medji be mawɔ nuɖeke wò manɔ eme o be nunyuiwɔwɔ wola nega nɔ sigbe djizizi ene o vɔa ne woanye lɔlɔnu faa. 15 Ɖeohĩ edjo le gbɔwò ne gaƒoƒo viaɖe ale be na va kpɔɛ le mavɔmavɔ me. 16 Maganɔ sigbe kluvi ene o vɔa sigbe nɔvi lɔlɔtɔ, ameyi le ta ne kluvi, vevietɔ na nye ku wò cã le ŋutilã me alo le Aƒetɔ Yesu Kristo me. 17 Ne le xɔm sigbe xɔlɔwò ene la, xɔɛ sigbe nye ŋutɔ ene. 18 Ne edje agɔ le djiwò la, alo eɖu fe ɖe do wò la, bui nem 19 Nye Pɔlu ye ŋlɔe ku alɔ nye, matsui, vɔa nye me dji be ma gblɔ nawò be woŋutɔ neɖu agbewo be fe dom o. 20 Ɛ̃, nɔvinye le nu yia ŋutia, na makpɔ viɖe tso gbɔwò le Aƒetɔ la me eye dji ́nye ne dje eme le Kristo me 21 Eyi meka ɖe wo toɖoɖodji la mele woma yia ŋlɔm newò be nawɔe wu ale yi ma gblɔe. 22 Djra teƒeɖo ɖi nem ɖoa mele mɔ kpɔm bena mava miagbɔ to miabe gbedodoɖawo me. 23 Epafra ameyi le gakpɔme kum le Yesu Kristo ŋuti dogbe nawò. 24 Nenema ke hadɔwɔlanyewo Marko, Aristatorxo, Deme ku Luka wo do gbe nawò. 25 Míabe Aƒetɔ Yesu Kristo be amenuveve ne nɔ anyi ku miabe gbɔgbɔ̃.