Eta 9

1 Yesu gblɔ ne wo bena:le nyateƒe nyateƒe mea ame ɖewo le mia dome wo mele kukugbe hafi akpɔ Mawu be fiɔduƒe woava ku ŋse o. 2 ŋkeke aɖe megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yacobu ku Jã kpe ɖe eɖokoe ŋti eye wokplɔ wo yi ɖe to kɔkɔa ɖe dji woawo ɖeɖe, eye yebe nɔnɔme trɔ le wobe ŋkume. 3 Yebe awuwo trɔ le djo dam hefu tititi eye awunyatɔa ɖeke mele anyigba dji ateŋ awɔ wo woakɔ nenema o. 4 Eliya ku Mose woɖe woɖokoe fiɔwo eye wole nuƒo ƒom kui. 5 Petro xɔ gbea gblɔ na Yesu bena:Nufiɔtɔ ɖe mɔ ne mí bena míatu agbadɔ etɔ̃, tɔwo ɖeka, Mose tɔ ɖeka ku Eliya tɔ ɖeka. 6 Petro menya nuyi woagblɔ o, ɖɔa nusrɔvi kpɔtɔewo vɔ̃ ŋutɔ. 7 Lilikpo ɖe va cɔ̃ wodji eye gbe co lilikpo la me gblɔ ne wo bena: Ameyia ye nye vinye yi ŋti nye me lɔna nu le miɖo toe. 8 Enumake eyi wole ŋku cam godo la, womegba kpɔ ame ɖekpe o negbe Yesu ɖeka kpoe le wo gbɔ. 9 Le eyime wole ɖiɖim le toa dji la, Yesu do se na wo bena, womegbagblɔ nuyi wokpɔ la na amea ɖekpe o, vaseɖe eyime amegbetɔvo la lafɔ co amekukuwo dome ko. 10 Wole nya la me ɖe asi eye wobia le wo nɔewo dome bena: Fɔfɔco ame kukuwo dome gɔme ɖeɖe ɖee? 11 Wobiɔ gblɔ bena: nuka ŋti womafiɔtɔwo gblɔ na bena edje be Eliya ne va tutugba? 12 Egblɔ na wo bena: Eliya le tɔtrɔgbe ava tutugbã eye woaɖɔ nuwo kpata ɖo. Nkaŋti woŋlɔ ɖi le amegbetɔvi la ŋti bena ele fu sugbɔ kpegbe eye woado vloe? 13 Vɔa mele egblɔm ne mi bena Eliya va xoxo eye wowɔ nunyi wolɔ̃ la le eŋti sigbe aleyi woŋlɔ ɖi le eŋti ene. 14 Eyi be trɔva nusrɔviwo gbɔa, wokpɔ ameha gãa ɖe ƒo xla wo eye womafiɔtɔwo le nya hem kuwo. 15 Le eyime ameha kpata kpɔ Yesu la djdjɔ gãa ɖe yɔwo eye woƒu du yi egbɔ be yewo adogbenɛ. 16 Ebia yebe nusrɔviwo bena: nuka ŋti miku wo miele nuƒo ƒom co? 17 Ame ɖeka co ameha la dome ɖo eŋti nɛ bena:Nufiɔtɔ, mekplɔ vinye ŋtuvi yi me gbɔgbɔ maƒonuƒo lea va gbɔwo. 18 Eye afi sia fi yi wole lea, ekɔkɔnɛ ƒuna anyi enyamaɛ dona le nume nɛ eye woɖua aɖukli eye wodje ti. Meɖe kukune nusrɔviwo bena woanya gbɔgbɔa do le eme eye womete ŋui o. 19 Woɖo eŋu na wo gblɔ bena:O djidjime maxɔse! vaseɖe gakame manɔ miagbɔ ase ɖo? Vaseɖe gakame mado dji acɔ mi ase ɖo? Mikplɔe va gbɔnye . 20 Wokpɔ ɖevo la va egbɔ. Eyi gbɔgbɔvɔ la kpɔ Yesu a enumake le enyama ɖevia eye wodje anyi eye futukpɔ dro le yebe nume. 21 Yesu biɔ ɖevia be tɔtɔ se bena: ŋkeke nenie ya dɔava edji? Wobwna co kaka yebe ɖevime kea. 22 Enuenu la wocɔnɛ fuagbe le djome ku tɔ me bena yeawui. Ne late ŋ awɔ nuɖe la, kpɔ miabe nublanui, ne naxɔ ne mi. 23 Yesu gblɔ nɛ bena: ne ateŋui! Ameyi xɔe se la ateŋ awɔ nuwo kpata. 24 Ɖivia be tɔtɔ do aƒa kpata gblɔ bena:mexɔe se, xɔ na nye dimaxɔse la! 25 Eyi Yesu kpɔ bena ameha la fudu gbɔnɔ la, eblu ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: wo gbɔgbɔ maƒonu ku tokunɔ, meɖe gbe ne nɔ dro le ɖeviya me eye megba trɔ ɖo eme keo. 26 Eye be dro ku aƒadodo le enyamam ŋtɔ. Ɖevia va le sigbe ɖe woku ene eye ame gbogbo ɖewo le gblɔgblɔm be eku. 27 Vɔa Yesu le alɔnɛ eye ena beco. Eye be le tenu. 28 Eyi Yesu va ɖo aƒea me la, yebe nusrɔviwo ɖeɖe va egbɔ biɔe bena: nuka ŋti mi me teŋ nya gbɔgbɔ ma dro o. 29 Egblɔ na wo bena: gbɔgbɔ ma tɔgbea gbedodoɖa kpoe lateŋ anyɛ. 30 Wodjo le gema eye woto Galilea yi, Yesu medi be ame ɖekpe nenya giyike ye leo. 31 Ɖɔa efiɔ nu wo bena: wole amegbe la degbe asi amewo eye wole ewugbe eye ne wowui la, ele fɔfɔgbe co amekukuwo dome le ŋkeke etɔagbe . 32 Vɔa nusrɔviwo mese nya ma gome o eye wovɔ̃ be yewo abiɔe. 33 Wova ɖo Kapernaum. Eyi wova aƒe me la, Yesu biɔ wonbena:Nuka ŋti mile nya dom le mia nɔnɔewo dome le mɔ dji? 34 Vɔa wozi ɖoɖoe ɖoa wole nya hem le wo nɔewo dome le mɔ dji bena:Ameka enye amegã? 35 Eye be bɔbɔ nɔ anyi eyɔ amewuiveawo eye wogblɔ na wo bena: Ne ame ɖe di be yeanye ame gbãtɔa la neyne wo kpata be mlɔetɔ ku kpata be ɖɔcɔvi. 36 Eye ekpɔ viviɖe va wo dome, eye ekɔe ɖe asi egblɔ ne wo bena: 37 Amesiame yi laxɔ ɖevi yiawo dometɔ ɖeka le ŋku nye mea nye ŋtɔ ye woxɔ eye ameyi ke la xɔm la, meneye nye woxɔ o, vɔa ameyi dɔma. 38 Jã gblɔ nɛ bena: Nufiɔla míkpɔ ame ɖe yi le gnɔgbɔ vɔ̃wo nyam le ŋkɔ woa me eye migbee nɛ ɖoa mekplɔ mi ɖo o. 39 Yesu ɖo eŋti be :migbagbe nɛ o! Ɖɔa ame ɖekpe mele anɔ nukunu wɔm le ŋkɔ nhe me agba teŋ gblɔ nya baɖa co ŋti nye o. 40 Ameyi meco le mía ŋtti o la enye mía tɔ. 41 Eye amesiame yi aku ci kɔpo ɖeka mi be mianɔ le ŋkɔ nye mea, mele egblɔm ne mi le nyateƒe me be mabu yibe fetu o. 42 Vɔa amesiame yi la wɔe be vivi hiwo xɔ djinye sea dometɔ ɖeka lagedje gbegbe mea enyo nɛ wu bena woabla té le kɔme nɛ eye woacɔe afugbe le aƒu me. 43 Ne alɔ woe lana be gea coe ɖa. 44 Ɖɔa enyo be nacɔ alɔ ɖeka yi agbemavɔ me wu be nacɔ alɔ eve ayi djomavɔ me. 45 Ne afɔ woe lana be lagea, coe ɖa enyo be nacɔ afɔ ɖeka yi agbemavɔ me 46 wu be nacɔ afɔ eve ayi djomavɔ me. 47 Ne ŋku woe la wɔe be la gea hoe ɖa enyo be nacɔ ŋku ɖeka yi Mawufiɔɖuƒe me wu be nacɔ ŋku eve yi djomavɔ me. 48 Fiyike djodjo ku djo mecina le o. 49 Ɖɔa woacɔ djo ado dje amesiame. 50 Dje, nu nyui ɖe be nyi vɔ ne bu yibe vivia ɖe? Nuka cɔ gbe mile adoe vivi? Minadje ne nɔ miame eye minɔ ŋtifafa me ku mia nɔnɔewo.