Eta 9

1 Yesu yɔ yibe nusrɔ̃vi wuive wo ƒote ye ena wo ŋse ku acɛ kpakpa le gbɔgbɔ̃ ʋɔ̃ dji bena ne woa dadɔ ne amewo. 2 Edɔ wo ɖoɖa be ne woa ɖe gbeƒã djiƒo fiɔɖuƒea eye woa dadɔ ne amewo. 3 Yesu gblɔ nɔ bena : «mi ŋugba cɔ ŋɖeke ne mɔzɔzɔ̃a o, ati loo, ega kpɛtɛvi loo, kpɔnɔ̃ loo, éga loo, alo awu ameve ɖe asi o (ɖasio). 4 Aƒe ɖesiaɖe yi me mia ɖoa, mí nɔ gama kaka va na gayime mia djo le duame. 5 Ne wome xɔ mí le du ɖe me woa, ne mí djo le yima, mí ʋuʋu mia be afɔ kɔ le duame ne ényi ɖasé ɖiɖi le wo ŋuti. 6 Ye wo djo yi kɔpe wo me le gbeƒãɖeŋ nya nyuia ne amewo le dɔ dãŋ ne amewo le afisiafi yi wo toa. 7 Eyi djiɖula Herodes se nu yiwo ne le djɔdjɔ ma, ecaka le eɖokui me, ɖoa ese bena Yohana ye citre co ame kuku wo dome. 8 Ameɖewo cã bena Eliyae ɖe eɖokui fiɔ, ye ame buwo cã bena blema Mawu be nyagblɔɖila cici ɖe ye trɔ fɔ̃ co ame kukuwo dome. 9 Herodes gblɔ bena : « me co eta ɖa le yohanes nu, vɔa ame kae gba nyi ame ma yi ŋuti me gba le nya yawo seŋ le cocoŋ ? » ye herodes le mɔnu ɖe diŋ bena yiato ne yia kpɔ Yesu. 10 Eyi ame yiwo wo dɔa trɔ gbɔa wo gblɔ nuyi wo kpata wo wɔa ne Yesu. Ye Yesu kplɔwo wo djo duɖe yi wo yɔna bena Bethsaïda me 11 Vɔa amewo se ue wo dje wo yome, eye Yesu xɔwo ƒo nuƒo nɔ wo co djiƒo fiɔɖuƒea ŋuti. Yesu dadɔ ne ame yiwo ne le dɔ lema. 12 Yi zã le dodo ma yibe nusrɔ̃vi ame wuiveawo va égbɔ gblɔnɛ bena : « yã amewo ne woa yi kɔƒe ku agble kɔƒe yi ne ƒoxlã mía me ne woa di nuɖuɖu ku anyi mlɔ ƒe. Ɖoa djogbe dji ye ye , mi le aƒe ɖekpe me le giya o. » 13 Vɔa egblɔ̃ nɔ wo bena « mi woŋtɔ mi di ŋɖe nɔ ne woa ɖue.» Nusrɔ̃viawo gblɔ̃ bena : « akpɔ̃nɔ ame atɔ̃ ku akpavi ame eve kpɔe le mía sí kã ne gbea ŋuɖuɖu kpo mia va yi ƒle ne ame gbogbo yiawo le. » 14 Woa kpata woa nɔ sigbe ŋcu akpe atɔ̃ ene. Yesu gblɔ ne yibe nusrɔ̃viawo bena : « mí na ne woa nɔ anyi le hacoco yi me ame blatɔ̃ la nɔ » 15 Wo wɔe nana ye amesiame nɔ anyi. 16 Eye Yesu cɔ kpɔ̃nɔ̃ amatɔ̃wo ku akpavi ameveawo, eye ekɔ mo yi dji do egbe ɖa, eyi edo gbe ɖa vɔa, efli akpɔ̃nɔ̃awo ku akpavia wo me, eye ecɔe na yibe nusrɔ̃viawo bena wo ne mɛ ne amewo. 17 Amesiame ɖunu ɖiƒo ŋɖuɖu ciã nyi, eyi wo ƒotea eyɔ kusi ame wuive 18 Eyi Yesu ŋtɔ ɖeka le gbe doŋ ɖa yibe nusrɔ̃viawo le egbɔ eye Yesu biɔ wo sexnena : « ame ka amewo gblɔ̃na bena me nyi ? » 19 Wo ɖo ŋuti nɛ bena : «yohanɛs mawu ci deta nametɔ, vɔa ame buwo cã gblɔ na bena Eliya éɖwo cã gba gblɔ̃na bena nyã gblɔ̃ɖila xoxo ɖe ye fɔ̃ co ame kukuwo dome. » 20 Yesu gblɔ̃ nɔ bena « vɔ mía wo ya ɖe, ame kaye mía wo ya mi be me nyi ?» petro ɖo ŋti bena : «kristo co Mawu gbɔ.» 21 Yesu do se nɔ wo veveɖe bena wo me gbla gblɔɛ ne ame ɖekpe o. 22 Yesu gba gblɔ nɔwo bena, edje be ame gbetɔvia ne kpefu sugbɔ̃le amegãwo, nunɔ̃lawo ku woma fiɔlawo si me eye woa wui. Vɔa le ŋkeke etɔ̃a gbea Mawu la fɔɛ ɖe citre co ame kukuwo dome. 23 Yesu gblɔ ne wo kpata bena : «ne ame ɖedi bena yea kplɔ̃ŋ doa, ne gbenu le éɖokui gbɔ, ne cɔ yibe gbesiagbe be aticoga ye ba kplɔ yi ɖo. 24 Amesiame yi ne dji bena yia ɖe yibe agbea, labui, vɔa amesiame yi na bu yibe agbe le tanyea la kpɔɛ. 25 Viɖe ka anyi ne amegbetɔ bena xexe ya kpata nezu yitɔ, vɔ ne yi ŋtɔ ne crɔ̃ alo ne bu. 26 Ne nye ŋtɔ ku nye nyawo kpenu ne ame ɖea, amegbetɔviacã la kpeŋu amea ne eva ɖo yibe ŋti kɔkɔɛ ku Mawu dɔla kɔkɔɛ wo be ŋti kɔkɔɛa mea. 27 Vɔa mele gblɔgblɔŋ ne mi nyateƒe tɔɛ bena, ame ɖewo le mia dome le fiya, wo mele kuku gbe xafi akpɔ djiƒo fiɔɖuƒe ava o. 28 Eyi Yesu gblɔ nyã yawo vɔ le ŋkeke enyi mao mea, ekplɔ petro, yohanes ku yakɔbo yi to dji be yewoa do gbeɖa. 29 Eyi wo le gbe doŋ ɖa, yibe mo trɔ eye yibe awu cã trɔ zu ɣee le djo dãŋ. 30 Kpɔ ɖa ŋcu ameve le nuƒo ƒoŋ kui, Mose ku eliya woe. 31 Wo va le ŋuti kɔkɔɛ me, ye wole nuƒoƒoŋ co yibe djodjo yi ne le eme va gbe le yerusalemea ŋti. 32 Le gama mea, alɔ̃ le petro ku etɔ yiwo ne le egbɔa cɔ̃ŋ ŋtɔ cã wo nɔ ŋu ye wo kpɔ Yesu be ŋti kɔkɔɛ ku ame eve yiwo ne nɔte le egbɔa. 33 Eyi ame yiawo djo le Yesu gGbɔa, petro gblɔnɛ bena : « aƒetɔ enyɔ ŋtɔ be mia nɔ fiya, eye mia agbadɔ ametɔ̃. Ɖeka ne wo ŋtɔ, ɖeka ne Mose eye ɖeka ne Eliya. » Menya nuyi gblɔŋ ele o. 34 Eye eyi petro le nyã mawo gblɔ ma, lilikpo ɖe didi va ƒoxlã wo, ye wo vɔ̃ ŋtɔ yiwo kpɔ wo dɖokui wole lilikpoa mea. 35 Egbe ɖe ɖi to lilikpoa me gblɔ̃ bena «ameya ye nyi vinye cãcã. Mi ɖo toe. » 36 Eyi gbea ɖi vɔ megbea, Yesu ɖeka kpoe kpɔtɔ ci gama. Nusrɔ̃viwo nɔ ɖoɖoe zizime le ŋkeke mawo kpata me. Wome gblɔ nyã ɖekpe ne ame ɖekpe co nu yiwowokpɔa ŋti o. 37 Eyi ŋu ke eye Yesu ku yibe nu srɔ̃viwo ɖi co toa dji gbɔnɔa, ame gbogbo ɖe va dogo wo. 38 Kpɔɖa ŋtu ɖe le amewo dome doɣli seś ɖe gblɔ bena : « aƒetɔ, meɖe kuku nɔ kpɔ vinye ɖa neŋ, yi ɖeka kpoe le asinye. 39 Gbɔgbɔ̃ ɖe djena edji, ye édo na ɣli. Enyama nɛ, ye futukpɛ dro na le nume nɛ, aya ɖuɖu xafi edjona d.ɖa le dji. eye yibeze lãme gbã na gudu gudu. 40 Me va ɖe kuku ne nusrɔ̃viwo bena wo neze nyã gbɔgbɔ̃ ma dro le eme vɔa wo me te ŋui o. 41 Yesu ɖo ŋti gblɔ̃ bena : « djidjime maxɔse, vɔɖi ɖe mi xɔse bena mele mia gbɔ nɔgbe ɖaa anɔ nusianu wɔŋ ne mia ? kplɔ viwo ŋucuvia va.» 42 Eyi ɖevia gbɔnɔ Yesu gbɔa gbɔ̃gbɔ̃ vɔ̃a cɔɛ ƒu anyi nyamaɛ le eŋti. Vɔa Yesu blu le gbɔgbɔ vɔ̃a ta, yɔdɔ ɖevia, kplɔɛ dasi ne tɔtɔa. 43 Amesiame be mo wɔ yaa le Mawu be ŋsèa ta. Eyi nuyi wo Yesu le wɔwɔ ma le ŋku wɔŋ ne ame wo ta, egblɔ ne yibe nusrɔ̃viwo bena : 44 «Nya yawo ne ɖoxtome ne mi nyuiɖe ne mia nya bena wole ame gbetɔvia degbe asi ne amewo. » 45 Vɔa Yesu be nusrɔ̃viwo me se nya yi Yesu gblɔa gɔme o. Ezu nya wla wla nɔwo. Wo le vɔ̃vɔ̃ŋ ne ta wo me teŋ biɔ nya yi egblɔa gɔme se o 46 Nya hehe ɖo nusrɔ̃viwo dome le amegã nyi nyi ŋti. 47 Vɔa Yesu nya wo kpata wo be djime susu, eye Yesu kplɔ vivi ɖe daɖe yibe ahadji. 48 Eye egblɔ nɔwo bena : « ne ame ɖe xɔ vivi tukui ɖe sigbe eya ene le ŋkɔ nye dia, exɔ nye cã eye ne ame ɖe xɔma, exɔ ameyi ne dɔŋ ɖoɖa cã. Ɖoa ameyi ne nyi vivi wu le miawo kpataa mía domea, ame ma ye nyi gã wu. 49 Yohanes ɖo eŋti gblɔ bena : «Aƒetɔ, mí kpɔ ameɖe yi le gbɔgbɔ̃ wo nyãŋ le ŋkɔ wó me eye mì gbe nɛ ɖoa eyea me kplɔ mìaɖo o. 50 Vɔa Yesu gblɔ nɛ bena : «mi gba xe mɔ nɛ o, ɖoa ame yi me yi me gbecitre le mia ŋti o kpɔa ele mía dji.» 51 Eyi Yesu be djiƒo yiyi be game le ɖoɖo ma, ewɔ ɖoɖo bena ya yi yerusalɛm. 52 Edɔ ame dɔdɔwo dje eŋkɔ yiSamariatɔwo be kɔƒe ɖe me bena ne woadra teƒe ɖoɖi ne yí. 53 Vɔa kɔƒea me tɔwo me xɔɛ o ɖo ŋtia ele yerusalɛm yiŋ. 54 Yi nusrɔ̃viwo Yakobo ku Yohanes wo kpɔ nuya, wo gblɔ bena :«Aƒetɔ le dji bena mia ɖegbe ne edjo co djiƒo neva fiɔ̃ woa ?» 55 Vɔa Yesu trɔ ɖoɖa wo gbɔ siã le wo kɔ gblɔ nɔ bena : «mi me nya gbɔgbɔ yi le mía tudu mo.» 56 Ɖoa ame gbetɔ via me va bena yia crɔ̃ amewo be luʋɔ o, ɖe boŋ eva bena ne yia ɖe amewo eye wo djo yi kɔƒe bu me. 57 Eyi wole mɔdji le yima, ŋcu ɖe gblɔ nɛ bena : «Aƒetɔ, ma kplɔ wo ɖo ayi afisiafi yike la yia.» 58 Yesu gblɔ nɛ bena : «Ablɔ wo ɖo wobe dɔƒe eye xeviwo wobe atɔ̃ vɔa amegbetɔ vi ya me ɖo afi ɖekpe yi adaxyibe ta ɖoo. » 59 Egblɔ ne ame bu ya bena : «kplɔ̃ŋ ɖo. » eye amea ɖo ŋti nɛ bena makplɔwo ɖo vɔa ɖemɔ nɛ mayi ɖi tɔtɔ nye kuku hafi ma va kplɔ wó ɖo» 60 Vɔa Yesu gblɔ nɛ bena : «ɖe asi le ame kukuwo ŋti ne woa ɖi wobe ame kukuwo, vɔ woɛa, yi ne na ɖe gbeƒã djiƒo fiɔ ɖuƒea ne amewo.» 61 Ame bu cã gblɔ bena : «Aƒetɔ ma kplɔ wó ɖo vɔa ɖemɔ ne ma va yi klã amewo le aƒenye me xafi ma va. » 62 Yesu gblɔ nɛ bena : «ameyi ne co kodje dje bo vɔ gba le ŋgbe dome kpɔ ma, me dje ne djiƒo fiɔɖuƒea o.