Eta 23

1 Wɔa kpata wo co eye wo kplɔ̃ Yesu yi Pilato gbɔ́. 2 Wo tɔ̀ nya cɔcɔ le eŋti be :" Mi kpɔ̀ ŋtu yà be le miabe dua cakaŋ lè gbègbeŋ be mi megba djɔ nu ne Kaizaro, eye be le gbɔgblɔŋ be yie nyi fiɔ, Kristoa. 3 Pilatò biɔɛ be : " wɔ̀e nyi yuɖatɔwo be fiɔa? "Yesu ɖoeŋti nɛ be : " le gblɔɛ". 4 Pilato gblɔ ne nunɔlàgãwò ku ameha be :"nye me kpɔ agɔdjedje ɖekpe le ŋtu yà méò". 5 Vɔa wo tègbe ledji gblɔ̀ be : "E lè hũnyà hũnyà deŋ dukɔ̃a me le nu fiɔŋ lè yudea, Galelea kaka va ɖo giya". 6 Eyi Pilato séa, ebiɔ sé be Yesua Galiliatɔ be nyia ? 7 Eyi Pilato sé be Herodes be nutoame be coa, eɖoeɖa Herodes yi ŋtɔca le Jerusalem gbémagbé. 8 Eyi Herodes kpɔ Yesua, djigãɖe djɔe ɖɔa ele djidjiŋ yoyobe yiakpɔe le nuyi be sé co eŋtia tá eye be le mɔkpɔm be elawɔ nukunu ya kpɔ. 9 Ebiɔe nyã sugbɔ vɔa Yesu me do nyã ɖekpe ŋti nɛo. 10 Nunɔlagãwo ku womaŋlɔtɔwo le gáma eye wo le nyã cɔŋ le eŋti ku akpasésé. 11 Herodes ku yibe sɔdjawo dui, eye eyi wo kɔɛ vɔ megbea, yocɔ awuɖe yi le kekléma do nɛ eye wo ɖo ɖa Pilato gbɔ. 12 Herodes ku Pilato yi wo nyi ketɔwo ne wonɔɛnɔɛwo cã trɔzu hɔlɔwo gbemagbe. 13 Pilato yɔ kplɔlawo, kodjoɖotɔwo ku dukɔa bɔ eye be gblɔ nɔwo be : 14 Mikplɔ ŋtuwa va gbɔnye be ele titɔtitɔ dem dukɔame. Eye mebiɔɛ nyã le miabe ŋkume, eye nye mekpɔ be edjagɔ le enyãyiwo kata micɔ le eŋtia me o. 15 Herodes cã mekpɔ agɔdjedje ɖekpe le eŋtio ɖɔa etrɔ ɖoe ɖoɖa mi, ŋtuwa meyɔ nuɖekpe ne woaco kufiɔ nɛ o. 16 Mele toɖɔgbe nɛ eye maɖasi. 17 Azã si azã, Pilato ɖo la ɖasi le gamanɔtɔ ɖeka ŋti. 18 Wɔa kpata wodo aƒa be : " wü aneya eye na ɖasi barabase ne mi ". 19 Barabase nye ŋtu ɖe yi wole de gakpame ɖɔa aglãdjela ku amewütɔ benyi. 20 Pilato gbã trɔ ƒonuƒo newo susube yia dasi le Yesu ŋti. 21 Eye wodo aƒa be : " kɛ̃ le aticogã ŋti, kɛ le aticogã ŋti ". 22 Pilato gbã gblɔ newo zi etɔgɔa be : nubaɖa ka ye bewɔ ? Nyemakpɔ nuɖekpe le eme yi dje ne ku o. Ne me dɔto ne vɔ megbea, mele asi ɖegbe le eŋti . 23 Vɔa wogba tegbe le edji ku aƒa gã ɖe le biɔbiɔm be wonekɛ̃ le aticɔgã ŋti. 24 Eye yobe aƒa dodo wu gã Pilato tɔ. Pilato ɖegbe be wonewɔ nuyi biɔŋ wolea. 25 Eɖe asi le amegbletɔ ku amewüla yi wole de gakpamea ŋti ne wo eye becɔ Yesu de asi ne wo. 26 Eyike wokplɔɛ le yiyimá, wo lé simon kerené tɔ si trɔ co agblea eye wo cɔ aticogã ne be ba droe kplɔ Yesu ɖo. 27 Ameyagãɖe ku nyɔnuwo kplɔ Yesu ɖo le veveseŋ, le konyi faŋ nɛ. 28 Yesu trɔ kpã ŋkɔ wó gblɔ be : Yerusalem nyɔnuwo mime gba nɔ avi faŋ ne mó vɔa mifa avi ne miaɖokuiwo ku miabe viwo. 29 Ɖɔa ŋkekewo li gbɔnɔ yike dji amewo le gbɔgblɔgbe be : " wo yra konɔwo gaku adɔ yiwo medjivikpɔ gaku anɔ yiwo vi me nɔ kpɔ". 30 Eye wodjɛ gbɔgblɔ ne towo be : " mimɔdje miadji eye wo le gbɔgblɔgbe ne toviwo be " mimu cɔmi. " 31 Ɖɔa ne wo le nuyawo wɔŋ ku ati mumua, nukae le djɔdjɔgbe le ati ƒuƒu djii ? 32 Le gamamea, wogblɔ nubaɖa wɔtɔ ameve ɖe wo yina wuwugbe ku Yesu. 33 Dayime wovayi ɖo teƒeyi woyɔna be : " Ameta koli ƒea " wo kɛ le aticogã ŋti le gama eye wo kã nubaɖa wɔtɔ ameveɔ cã le egbɔ ameɖeka le yibe nuɖusime eye amevegɔ̃a le yibe miɔlɔme ". Yesu gblɔ be : " 34 Tɔtɔnye cɔɛ ke wo, ɖɔa womenya nuyi wɔŋ wole o. Wo djidjɛnu le yibe awuwo dji eye woma wo le wonɔenɔewo dome. 35 Dɔkɔa nɔte le gema le ekpɔŋ gayime kodjoɖotɔwo le ekoŋ be : " ehɔ ne amewo ne Mawu be amesiami na be djia, ne Mawu be amecãcã be nyia, nehɔ ne yi ɖokui . " 36 Sɔdjawo cã kɔɛ, wocɔ̃ aha veve nɛ . 37 Wo gblɔ be : " ne Yudatɔwo be fiɔ le nyia, xɔ ne ɖokuiwo. " 38 woŋlɔ le tagbɔ ne be : Ameyae nyi Yuɖatɔwo be fiɔa ". 39 Nubaɖa wɔtɔ ameve yi woka le egbɔa tometɔ ɖeka le eduŋ be : " me yo nye Kristoa ? xɔnɛ ɖokuiwo eye naxɔ ne mi. " 40 Vɔa ame vegɔ̃a gbenyane be : mevɔna Mawu o, wo yi dje ne fɔbubu ma tututua ? 41 Fɔbubu ya ye dje ne mí ɖɔa miwɔ nubaɖawo, vɔa ameya me wɔ nu baɖa ɖekpe o. 42 Eye be gblɔ ne Yesu be : ɖo ŋku djinye le fiɔ̃ɖuɖu wɔa me. 43 Yesu ɖo eŋti nɛ be : mele egblɔŋ ne wo egbea le nyateƒe me be : lele paradisoa me nɔgbe kuŋ. 44 Có ŋdɔ gawuive mea viviti do le anyigba kpata dji kaka va ɖo wotrɔ gatɔme. 45 Ŋdɔkucu do viviti eye xɔme cɔvɔ̃ yi le gbedo xɔamea djẽ le dodome. 46 Yesu do aƒa ku gbe sesẽ be : Tɔtɔnye mecɔ gbɔgbɔnye de asiwo me. Eye eyi be le nyama gblɔma emiɔnu. 47 Eyike sodjawo djikpɔla kpɔ nuyi ne djɔa, ekafu Mawu eye be gblɔ be : ameya ame djɔdjɔe be nyi. 48 Eye ameyiwo kpata gbɔ nuyi ne djɔa teƒea, wole akɔta ƒoŋ eye wotrɔ djo yi aƒeme. 49 Ameyiwo kpata djesi Yesua ku nyɔnu yiwo djo kaka galelia kplɔɛ ɖoa wo le adjɔgé le nuwi ne le djɔdjɔŋ kpɔŋ. 50 Aɖaŋuɖola ɖe yi wo yɔna be Yosef nyi ame djɔdjɔe dji nyui tɔ. 51 Yi me dasi le ame mamlɛwo be nuwɔna ku wome nyamecocowo djio. Eco Arimate Yuda tɔwo be duame eye be le mɔkpɔŋ ne Mawu be fiɔ̃ ɖuƒea. 52 Ŋtu ma ye va yi Pilato gbo eye mebiɔɛ Yesu be ŋtilã kukua. 53 Eɖée le aticɔgã ŋti cɔ avɔ titi bucuie eye be cɔɛ va yi da yɔdo ɖe yi wo ɖe le agakpe me eye wome ɖi ameɖekpe le emekpɔ́ o wa me. 54 Gbemagbe yenyi djadraɖo ne Sabat be gɔme djedje. 55 Nyɔnu yi wo co galilia va ku Yesua yokplɔ Yesef ɖo, wokpɔ yɔdoa ku leyike wocɔ Yesu be ŋtilã kukua de eme ɖoa. 56 Eye wotrɔyi aƒemea, wowɔ amiʋeʋe ku anumatriwo eye le Sabat be ŋkekea djia wogbɔ ɖemè sigbe leke seá gblɔɛ ène.