1 Eva eme bena gbeɖeka, yesu le nya nyuia fiɔ̃ dukɔa le gbedo xɔme eye vɔsalagãwo, woma fiɔla ku dume megãwo va ɖo. 2 wo gblɔ nɛ bena « gblɔɛxne mi, ŋse kae le se wɔna nuyawo ? alo amekae nawò ŋse ya ?» 3 Eɖo ŋti nɔwo bena : «ŋcã ma biɔ mi nya ɖe ne mia ɖo eŋti ne ma se. 4 Yohanes be amenyrɔ̃nyrɔ̃ ɖe cimea djiƒo be coa aloo amewo gbɔ ? 5 Wo le nya leŋ kpɔ le wo nɔ̃nɔ̃ɛwo dome gblɔ bena : «ne míɖo eŋti bena djiƒo yea ela biɔ mí bena kã ŋka ŋti mime xɔ edji se o ?» 6 Eye ne mí gba ɖo eŋti bena "ame gbetɔwo gbɔ ye" cã amewo laƒokpe mí, ɖoa wo kãɖe edjí veve ɖe bena yohanes nya gblɔɖi la ye. 7 Le susu yawo ta wo ɖo eŋti gblɔ bena : «mi me nya fiyi be co o. 8 Yesu gblɔ nɔwo bena : «nye cã nye me le ŋsɛ̃ yi me sele nu yiawo wɔ ma gblɔ gbe ne mí o.» 9 Yesu do lo ya ne amewo bena : «ameɖe de wingble se de asi ne agble dji kpɔlawo eye edjo va yi nɔ dubu me didiɖe. 10 Eyi game su woaɖe nukuawoa agbletɔa dɔ yibe dɔcɔvi ɖo ɖa agble dji kpɔlawo gbɔ bena nexɔ win kucece ɖeva ne yi, agble dji kpɔlawo ƒoe eye wonyãe ɖoɖa asi gbɔlu. 11 Egba dɔ dɔcɔla bu ɖoɖa, woƒo ye cã do ŋkpe nyui ɖe nyãe ɖoɖa asi gbɔlu. 12 Egba dɔ ame ètɔ̃ gɔ̃a ɖoɖa, eye wo do abi eŋti eye wo nyãe 13 Wintɔa gblɔ bena :«ŋka mawɔ ? madɔ vinye ŋcuvi lɔlɔ̃ tɔa ɖoɖa ɖewohĩ woa de bubu eŋti. 14 Vɔa eyi agble dji kpɔlawo kpɔɛa wo do xexli ne wonɔnɔɛ wo gblɔ bena :«mi kpɔ dome nyila ɖa, mina ne mí wui ne dome nyi nua ne cia nyi ne mi.» 15 Wo ɖe to ɖa le wain gblea me ƒugbe eye wo wui. Fifia ŋka agbletɔa la wɔne gble dji kpɔ lawo ?» 16 La va, awu wo kpata eye acɔ agblea ana ame buwo. Yi wo se nya ya woa wo gblɔ bena :«Mawu ŋgba djro!» 17 Vɔa Yesu kpɔwo djuu gblɔ̃ bena : «nu ŋlɔŋlɔ ya gɔmea ɖe?» ekpe yi xɔtulawo gbea ye va zu djogɔ̃ɛ dji kpe. 18 Ameyi la gedje kpema djia la gbã eye ameyi dji kpe ma la gedjea ela tugu biɖibiɖi. 19 Nunɔlagãwo ku woma fiɔ̃lawo dji bena ye woa le Yesu le gama me tututu, ɖo ŋtia wo nya bena ye wo gblɔ̃ éléle lo dodoame. Vɔa wo le dukɔa vɔŋ. 20 Wo kpɔɛ duu ye wo dɔ̃ ame ɖiala yio ne wɔ woɖokuio sigbe ame djɔdjɔe wo ene, bena ne woa teŋ akpɔ vodada le yibe nya gblɔgblɔwo me ne woa de asi nadji ɖuɖua be ŋsẽa. 21 Wo biɔɛ se bena : «mi nya le ƒona nuƒo ye le fiɔ na nu le djɔdjɔe nyinyi me ye ameɖeke me dona mo djegble nawo eye ne fiɔ na Mawu be mɔa le nyateƒe me. 22 Ɖe ye éle sea nu bena mia djɔ duga na Roma fiɔ gãa ?» 23 Vɔa Yesu se woabe ayɛ mɔnua gɔme ye eɖo eŋti bena : 24 «Mi cɔ klɔsalo ga eɖe va ne ma kpɔ. Ameka yema wo ta ɖe edi eye ameka be ŋlɔŋlɔ ye le dji.» Wo ɖo eŋti bena "Roma fiɔ gã ye". 25 Egblɔ nɔwo bena : «Ne le nana kã mi cɔ nu ne nyi roma fiɔ gã tɔa nɛ nɛ eye mia cɔ Mawu cã tɔa na Mawu.» 26 Nya ɖeka ŋgba le wosi ne woa he le ameo be ŋku meo. Yibe doŋti wɔ moya, vɔa wome gblɔ nya ɖe keo. 27 Sadukitɔ yiwo me xɔna se be amekukuwo gba le citre tigbe woa dome tɔ ɖe wo teva egbɔ biɔɛ se bena : 28 «Aƒetɔ kpɔ se ya Mose ŋlo ɖa ebe» ne ŋcu ɖe be nɔvi ŋcu ku eye srɔ̃a nyɔnua me djivi ɖeke nɛ woa, nɔvia ŋcua ɖola ɖe nyɔnua ne wo ame evea woa djivi ne ame yi nu gbea. 29 Eva va eme bena nɔvi ame adrɛ ɖewo li, gbã toa ɖe srɔ̃ me djivi xafi kuo. 30 Eve gɔ̃ã cã nana ke, me dji vi xafi kuo, etɔ̃ gɔ̃a seva ɖe. 31 Eyi dji nana kaka wo ame adrewo kpata wo ku ɖeke me djivi o. 32 Emegbea nyɔ̃nua cã va ku. 33 Le ame kuku wo be citre cici ŋkeke ma djia ɖe wo dometɔ ka ye la ɖe nyɔ̃nu ma ɖoŋtia wo dome tɔ ɖesiaɖe ɖee kpɔ le agbe ya me. 34 Yesu ɖo eŋti newo bena : «xixe ya me vi ŋcuwo ɖena srɔ̃ eye nyɔ̃nuwo cã ɖena ŋcu. 35 Vɔa ameyiwo ne dje na citre cici le kodjo gã ɖoɖo ŋgbedomea wo ya wo me le nyɔ̃nu alo ŋcu ɖegbe o. 36 Wo me gba le kuku gbe o ɖoa wo le sɔsɔgbe ku Mawu ɖɔlawo woazu Mawuvi yiwo nyi citre cicivi wo ta. 37 Ame kukuwo ne cicitre nuyi Mose gblɔ co nuve yi le djo bima ŋti eyɔ Mawu be Abraham be Mawu, Izak be Mawu, ye Yakobo be Mawu. 38 Mawu me nyi ame kukuwo be Mawu o, ame gbagbewo be Mawu ye. Ɖoa enya bena amemawo cã kpɔtɔ le agbe. 39 Woma fiɔlawo dome tɔ ɖeka xɔ nya gblɔ bena : Aƒetɔ le ƒonuƒo nyuiɖe ŋtɔ. 40 Wo me gba teŋ biɔɛ nya ɖeke o. 41 Yesu biɔ se bena :«ŋka ŋti amewo gblɔna bena Kristoa David be vi ye ?» 42 David ŋtɔ gblɔ le salomɔwo be woma me bena :«Mawu gblɔna aƒetɔ nye bena "nɔ̃ anyi le ŋuɖusi nye me, 43 Kaka va ɖo gayime ke mana futɔwo kpata la zu afɔ ɖodji nu nɔ̃"» 44 David yɔ kristoa bena "aƒetɔ", ŋka ŋti kristoa la teŋ anyi david be vi ?" 45 Eyi dukɔa kpata le to ɖomea egblɔ ne yibe nusrɔ̃viwo bena : 46 « Mí dje aye ne woma fiɔla wo, ameyi wo ne nɔna caɖiŋ le awu ʋlayawo me yi wo djina bena amewo ne nɔ gbe doŋ ne yi wo ku bubu le ʋɔ̃nuwo, lɔ̃na teƒe gbãtɔ le ablɔwo me ku azã ɖu ƒewo. 47 Vɔa woa woe gbãna aƒe le ahosiwo ta, ame ŋkume nu wɔla wonyi. Anɔ gbedoŋ ɖa legbee, woa be to hehe le ŋsẽ gbe ŋtɔ wu amesiame tɔ.