Luka 18

1 Yesu dolo ne wo le aleyi woado gbe ɖa tegbee eye nu negba ci kɔ ne wo oa ŋuti. 2 Egblɔ be: kodjoɖotɔa ɖe le du ɖe me yi me vɔ na Mawu o eye me buna ameɖekpe cã o. 3 Ahosia ɖe cã le du ma me yi va egbɔ gblɔ be: ɖeŋ le ketɔ nye si me. 4 Eteƒe didi, egbe (melɔn o). Vɔa emegbea egblɔ le yeŋtɔ ɖokoe me be: eyi nyeme vɔna Mawu eye nyeme buna ame ɖekpe cã oa. 5 Vɔa eyi ahosi yia le fu ɖeŋ neŋ ŋutia mele eɖe gbe be ne gba va nɔ nuƒo doŋ ŋeŋ o. 6 Eye Aƒetɔa gblɔ be: Mise nuyi kodjoɖotɔ madjɔmadjɔa gblɔ. 7 De Mawu maɖe yibe ame cacãwo yiwo le aƒa ɖoŋ nɛ ŋkeke ku zã eye magbɔ dji ɖi ne wo oa? 8 Mele egblɔŋ ne mi be elaɖe wo kpata(kaba). Vɔa ne Amegbetɔ be vi le vava gbea, ɖe bakpɔ xɔse le anyigbã djia? 9 Egba do lo bu ne ameyiwo kã le woɖokoewo dji be yewole djɔdjɔe eye wodo vlo amekpɔewo. 10 Ame eve woyi Mawuxɔme be yewoado gbe ɖa; ame evegɔa nyi nudjɔla. 11 Farizitɔa le citre le gbe doŋ ɖa le eɖakoe me be: Mawu, medo ake nɔ be nye mele sigbe ame kpɔtɔe yiawo yiwo nyi fiafitɔwo, ame madjɔmadjɔwo, ahasitɔwo alo sigbe enudjɔla yia cã ene o. 12 Me nanɛ nu maɖumaɖu ci manu manu zi eve le kɔsiɖa deka me, me nana nuyiwo kpa su asinye be ewolia. 13 Nudjɔla, le citre le adjɔgeme dji be yea kɔ ta yidji be yeakpɔ djipo o; vɔa eƒo akɔta gblɔ be: Mawu kpɔ nublanui ne nye yi nyi nuvɔnwɔla. 14 Mele egblɔŋ ne mi be: Ameyia, yi aƒe me ku djɔdjɔnyinyi wu ame evegɔa. Doa amesiame yi do eɖokoe le djia woa bɔbɔe ɖe anyi eye ameyi bɔbɔ eɖokui ɖe anyia woa doe le dji. 15 Wokplɔ viviwo cã va nɛ be ne ba kasi wo uci. Vɔa eyi nusrɔnviwo kpɔ nu yia, wo xemɔ ne ameyiwo kplɔ viviawo va. 16 Yesu yɔ wo eye begblɔ be: Mina viviawo neva gbɔnye eye miŋ gba xe mɔ newo o; Doa Mawu be fiɔɖuƒea nyi ameyiwo ɖi vivi yiawo. 17 Mele egblɔŋ ne mi le nyateƒe me, amesiame yi mexɔ Mawu be fiɔduƒe sigbe vivi cukui ene oa mele eme yi gbe o. 18 Amegã ɖe biɔ Yesu eye egblɔ be: Nufiatɔ nyui nuka mawɔ be manyi agbe mavɔ be dome nyitɔ? 19 Yesu ɖo eŋuci nɛ be: nuka ŋuci lele yɔeŋ be nyui? Ame nyui ɖekpe melio, Mawu ɖeka yée. Le 20 nya sededeawo be: Megba wɔ ahasi o; megba wu ame o; megba fifi o; megba ƒo gbe le nɔviwo si o; bu tɔtɔwó. 21 Egblɔ be: mewɔ nuyiawo kpata dji co vivi nye me. 22 Eye eyi Yesu seea, egblɔ nɛ be: ekpɔtɔ nu ɖeka nɔ; nuyiwo kpata le asiwoa, sawo eye namã ga ne woamenɔtɔwo eye kesinɔnu lanɔ asiwo le djiƒo. Emegbea va dje yonye me. 23 Eyi amea se nya yiawoa, evee ŋtɔ ɖoa kesinɔtɔe. 24 Eyi Yesu kpɔ be evee ŋtɔa gblɔ be: Esẽŋu ne ameyiwo si ga lea be woa yi Mawu be fiɔɖuƒe me! 25 Doa ele bɔbɔe ne kposɔ be neto abui be to me wu aleyi kesinɔtɔ neyi Mawu be fiaɖuƒe me. 26 Ameyiwo seea, gblɔ be: Ameka yé lateŋu akpɔ ɖeɖe? 27 Yesu ɖo eŋuci be: Nuyi womate ŋu wɔ le amegbetɔwo gbɔ oa woate ŋu wɔe le Mawu gbɔ. 28 Petro gblɔ be: kpɔ ɖa migble miabe nuwo kpata ɖi eye mi dje yowome. 29 Eye Yesu gblɔ ne wo be: mele egblɔŋ ne mi le nya teƒe me, ame ɖekpe mele meli yi gblẽ yibe aƒe alo srɔa, alo nɔviŋucuwo alo djilawo alo viwo ɖi le Mawu be fiaɖuƒea ŋuci. 30 Eye Mawu magbe eteƒe ɖoɖo nɛ sugbɔ xɔxɔ wu le fifia ku agbe mavɔa xɔxɔ le xexe yi le vava gbea me o. 31 Yesu yɔ ame wuiveawo va egbɔ gblɔ ne wo be: kpɔ ɖa mile Yeruzalɛm yiŋ eye nuyiwo kpata nyagblɔɖilawo ŋlɔ le Amegbetɔ be vi ŋucia le eme va gbe. 32 Doa wole eco gbe ana vodusubɔtɔwo; Woaɖu fewu le eŋuci, woado vloe, woacu ta ɖe eŋu. 33 Eye eyi wocu sɔba ƒoe vɔ megbea, woawui eye le ŋkeke etɔagbea ela fɔ co amekukuwe dome. 34 Vɔa womese nuyiawo ɖekpegɔme o; eye nya yia le ɣaɣla me ne wo eye womenya nuyiwo begblɔ o. 35 Eyi Yesu gogo Yerikoa, ŋku gbagbãtɔa ɖe nɔanyi le mɔ to eye enɔ nubiɔŋ 36 Eyi ese be ameha le eŋuci toŋ le yiŋ yiŋ ma, ebiɔ be: Nukae nyi yia? 37 Wogblɔ nɛ be: Yesu Nazaretetɔa yé le eŋuci toŋ. 38 Eye edo aƒa gblɔ be: Yesu Dawid be vi, kpɔ nublanui neŋ! 39 Ameyiwo le zɔzɔŋ le blu le eta be nezi ɖoɖoe; Vɔa egba do aƒa ɖe edji sesẽ gblɔ be: Dawid be viee kpɔ nublanui neŋ loo! 40 Yesu, nɔte, ɖe gbe be woakplɔe va yi gbɔ; eye eyi egogoea, ebiɔe be: 41 Nuka le dji be mawɔnɔ? eɖo eŋuci: Aƒetɔ, me dji be makpɔ nu. 42 Eye Yesu gblɔ nɛ be: kpɔ nu; xɔsewo ɖewo. 43 Le gaƒoƒo ma mea, ekpɔ nu eye ekplɔ Yesu ɖo le Mawu kafuŋ. Dukɔa kpata kpɔ nu yia eye ekafu Mawu.