LUKA BE WOMA WUIADE GƆ̃A

1 Yesu gblɔ ne yibe nusrɔ̃lawo cã be: ŋũcú kesinɔtɔ ɖe ɖo yibe kesinɔnuwodjikpɔtɔ yi won wònya be e le yi be kesinɔnuwo ʒãŋ yakayaka. 2 E yɔɛ, eye be gblɔ̃nɛ be: nyãkà be nyĩ seŋ mele co ŋciwò? na akɔ̃ŋla nem kuɖe edɔwɔa ŋti ɖoa me gab teŋ le kesinɔnunyewo dji kpɔ gbe o. 3 Kesinɔnuwodji kpɔtɔ gblɔ̃ le aɖokuime be: neke wɔgbe me le? ɖoa aƒetɔnye le yibe kesinɔnuwodji kpɔkpɔa xɔŋ le asinye. Áde agble? nye mateŋ wui o. Á biɔ nú ele nù kpeŋ nem. 4 Me nyà nuyi wɔgbe me le alebe ameaɖewo woaxɔ̃ŋ ɖe wo be aƒetome ne wo xɔ dɔ le asinye. 5 E na yi ƒetɔa be ƒetɔ ɖesiaɖe va egbɔ, eye be gblɔ ne ame ɖiagbɔ̃a be: ƒe neni le ɖu do aƒetɔnye? 6 Ami djidje alɔƒã ɖeka, eƒetɔa ɖoeŋti nɛ nana. Eye be gblɔnɛ be: nɔ anyi kaba cɔ̃ woma woa, eye ŋlɔ̃ bla-atɔ. 7 Emegbea, e gblɔne amebu cã be eye ewòya, neni be ƒe le ɖu ? E ɖoeŋti be: bli djidje nu alɔƒã ɖeka. e gblɔ nɛ be cɔ̀ womawoa, eye ŋlɔ̃ bla-enyi 8 Aƒetɔa, kafu kesinɔnudjikpɔtɔa le aleyi be wɔ nua gaku ayedjedje ŋti. Ɖoa xixe ya me viwo, dje aye ɖoda wo haviwo gbɔwu kekeli me wiwo. 9 Eye nye ya me le e tɔn ne mì be mì cɔ kesinɔnu madjɔmadjɔwo dje xɔ̃lɔ̃ gaku manonoɛwo alebe ne woŋgbava le mìasi o woa, wo axɔmì de agbadɔ mavɔmavɔwo me. 10 Ameyi nyĩ ŋteƒe wɔtɔ le nu viɖewo mea e nyi nɛ le nu gãwo cã me, eye ameyi nyĩ ŋteƒemawɔtɔ le nu viɖeaomea, e nyi nɛ le nu gãwo cã me. 11 Ne mi me nyĩ ŋteƒe wɔtɔ le kesinɔnu madjɔmadjɔwome o woa ɖe, ameka ye le cɔ djɔdjɔe tɔ wo dasi ne mi? 12 Eye ne mì me nuĩ ŋteƒe wɔtɔwo le nu yi nyì amebutɔme woa ɖe, ameka ye cɔ nu yi nyĩ mìatɔa ne mi? 13 Ɖocɔvi ɖekpe ma teŋ cɔ dɔ ne aƒetɔ ameve o. Ɖoa, dèkpò ba le fu wodeometɔ ɖeka eye ba lɔ ame ve gɔ̃a; alo la leɖo ame ɖeka ŋti eye ba dòclò ame ve gɔ̃a. mi ma teŋ cɔ dɔ ne mawu ku mamɔ̃ o. 14 Fariʒitɔ yiwo nyì aŋõkutɔwo woa, wo ca wo le nuawo kekey seŋ. Eye le ekɔŋ. 15 Yesu gblɔ̃ newo be: mìɔ nù le djidji la djé amedjɔdjɔɛwo le amewo be mo, vɔ Mawu nya miabe djiwo; ɖoa nu yi kɔ́kɔ́ le amewo domea, nyĩ bosunu le mawu be mo. 16 Esea gaku nyagblɔɖitɔwo le dɔ wɔ̃ŋ kaka vaseɖe Jã. ame nyrɔ̃tɔá dji; cò gbemagbea wo ɖegeƒã Mawu ƒiɔɖuƒea, eye ʋliʋlitɔ́woe le eme yim. 17 Ele bɔbɔɛɖe be djiƒo gaku anyigbã nu ava yì cɔ wu be woaɖe esea be nuŋɔŋlɔ̃ djesi ɖeka djo 18 Ameɖekpe yi gbe srɔ̃a nyɔ̃mú eye be trɔ ɖe nyɔnú nua wɔ ahasi, eye ameɖekpe yi ɖe nyɔ̃nú yike srɔ̃a ŋcu gbea wɔ ah̀asi. 19 Ŋcú kesinɔtɔ ɖe le , yi do'nà awù djĩ gaku aklala wù mémé ( citɔwo be nu dodo le gaƒoƒɔ́ ma me), kpɔ na djidjɔ ŋkeke sia ŋke le yibe nunɔamesi sugbɔa ŋti, 20 Hiãtɔ abinɔ̃ nubiɔtɔ ɖe yi wo yɔna be Laʒaro mlɔ̃na nyi le yibe agbodji. 21 Ne gatɔa ɖunu vɔa, nukui yiwo hlena kɔ kplɔ̃a gɔ̃mea, enɔ na ecãŋ nɔ ɖuɖuŋ eye awũwo nɔ̃ abia mw mw ɖiɖɔ 22 Hiãtɔa va ku, eye Mawu dɔlawo kɔɛ yi Abrahame be akɔ̀nù. Gatɔa cã va ku eye wo ldi. le ciɛƒea, eyi wòle ƒukpe ma, 23 Gɛme be le vevea se ma, e kɔ mo yi dji yi be kpɔ̀ Abraham lazaro le akɔnũ nɛ 24 Eye be dowli gblɔ̃ be: tɔtɔnye Abraham, kpɔ nublãnyui neŋ, ne na dɔ̃ Laʒaro ne ba cɔ̃ yibe alɔvi ɖeka de ci me ada ɖe aɖe nye dji, ɖoa me le fũ vevi ɖe kpeŋledjo ya me. 25 Abraham ɖo eŋti ne be: Vi nye, ɖoŋkuedji be le agbeanɔni wo mea, lexɔ kesinɔnuwòwo eye Laʒaro ya se vevi le yibe agbenɔnyi. Ƒiƒia wo le akɔfaŋnɛ le fiya eye wo ya le le fu kpeŋ. 26 Ŋtɔ cã gãɖe le mí gaku miɔwo dome yi wɔɛ be ame yiwo la dji be yewo acò fiya ava miagbɔ alo acò míagbɔ́ ayi fima, wo me teŋ le ewɔ̀ gbe o. 27 Gatɔa gblɔ be tɔtɔnye Abraham, ƒiƒia meɖe kúkú be na djo dɔ̃ Laʒaro ɖoɖa tɔtɔnye be aƒeme, 28 ɖoa nɔvi ŋcúvi amatɔ le asinye. Be ba yi ɖo kpe le nu ya dji newo bena wo cã wo ŋgba va ƒukpekpe teƒeya o. 29 Vɔa Abraham ɖoeŋti nɛ be: Mose gaku nyagblɔɖitɔwo le wosi, vɔ; wo ne ɖò tó wó. 30 Eye gatɔa gblɔ̃ be: oh tɔtɔnye Abraham, vɔ ne nyi ame ɖe cò amekukuwo dome yi wo gbɔ gblɔ̃ɛ ne woa, woa trɔ djime. 31 Eye Abaraham ɖoeŋti nɛ be wo me ɖo tó Mose gaku nyagblɔ̃ɖi tɔwo woa, ne amekukuwo dome tɔ́ ɖe ƒɔ̃ cò amekukuwo dome cã, wo mw le edji xɔxe gbe ase