Eta 11

1 Gbeɖeka Yesu le gbedoŋɖa lafiɖe gayime be dogbeɖa vɔ megbea, yibe nusrɔviwo dometɔ ɖeka gblɔ ne be: Aƒetɔ, fiɔ̃ mi gbedodoɖa sigbe le yi Jã fiɔ̃ yi be nusrɔviwo ene. 3 Na mi miabe gbesiagbe be nuɖuɖu. 4 Cɔ miabe nuvɔwo ke mi, si gbe leyike miɔ ca mia se (cɔ)ke amesiame yi djagɔ ne mia, eye megba ɖemɔne tetekpɔ ba ɖu mia djiɔ. 5 Egbã gblɔ nó be : ne mia dometɔ ɖe yi xɔlɔa gbɔ le zã dome va yi gblɔ ne be xɔlɔ nye, do kpɔnɔ ametɔ neŋu. 6 Ɖɔa xɔlɔ nye wo dometɔ ɖeka va gbɔnye eye nuɖekpe me lasinye ma nɛo. 7 Eye ne xɔlɔ le xɔme ɖoeŋuti nɛ be:megba ɖefune m, me cu ʋɔ vɔ, nye ku vinyewo mi mlɔanyi, nye matɛŋufɔ̃ acɔ kpɔnɔ ana wo. 8 Me le egblɔ̃ ne mi, ne xɔlɔ̃a ma tɛŋufɔ acɔ kpɔnɔa neo ca, ele fɔfɔgbe le yibe nuƒododoname ŋti eye ba cɔ̃ nuyiwo kpata be hia dasinɛ. 9 Eye nyea me gblɔ ne mi be: mi biɔ nu eye wole mia nagbe(wɔa na mi), mi dji eye mia kpɔɛ, mi ƒoé eye woa ʋui ne mi. 10 Ɖɔa amesiame yi biɔ nua, exɔnɛ, ameyi djia, ekpɔnɛ eye ameyi le ʋɔ̃ ƒomá woa ʋui nɛ. 11 Vi tɔtɔ kae le mia dome ne via biɔɛ kpɔnɔa ba cɔ kpe dasi nɛ? 12 Alo ne biɔɛ azia ba cɔ kekle dasi nɛa. 13 Ne mia vi tɔtɔ vɔ̃ ɖiwo mi nya nu nyuiwo nana miabe viwo wa, ɖe Tɔtɔ yi le djiƒoa ma na gbɔgbɔ kɔkɔɛa ameyiwo le ebiɔmɔ wa. 14 Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ le amemeƒonuƒo ɖe me. Gayime gbɔgbɔ vɔa droa, amemaƒonuƒoa ƒonuƒo eye be wɔ mɔ yaa ne ameha. 15 Vɔa ameɖewo gblɔ be :gbɔgbɔ vɔwo be fiɔ beelzebul ye be cɔ le gbɔgbɔ vɔwo nyaŋu. 16 Amebuwo ca doe kpɔ le ebiɔŋu be ba ɖe djesi ɖe co djiƒo fiɔ yiwo. 17 Eyike Yesu nya wobe susuwo ŋutia, egblɔ ne wo be:fiɔɖuƒe ɖekpekpe yi ti tre le yiɖokui ŋutia gbana(kakana) eye aƒe ɖekpekpe yi titre le yiɖokui ŋutia gbana. 18 Ne satana titre le yiɖɔkui ŋutia, leke yibe fiɔɖuƒea gbale anyinɔgbe ɖo? ke mile gbɔgblɔŋ be beelzebul ye me cɔ le gbɔgbɔ vɔwo nya ma? 19 Eye ne nyea me cɔ beezebul cɔ le gbɔgbɔ vɔwo nya ma, mia be viwo woɛa nuka wo cɔ le wo nyaŋ? Numa ŋuci wo le ʋɔnudrɔgbe mi. 20 Vɔa ne Mawu balɔvi me cɔ le gbɔgbɔ vɔwo nyama, Mawu be fiɔɖuƒea va miagbɔ. 21 Ne ŋtu sesé ɖe cɔ aʋawɔnuwo kpla le yibaƒe ŋti djɔma yibe nu nɔamesiwo le dedenɔnɔme. 22 Vɔa ne amaɖe sesé wu va ɖuedjia, ela xɔ yiba ʋawɔnuwo ku yibe nunɔamesiwo le esi. 23 Ameyi ne le kumo wa etitre le ŋtinye eye ameyi me le nubɔŋu kumowa le nu kakayi. 24 Ne gbɔgbɔ makɔmakɔ ɖe dro le ameɖe mea, eyina teƒe ƒuƒuwo va yi djina gbɔɖeme. Ne mekpɔ wa, egblɔnabe:me trɔ́ le aƒe yime me dro lea yi gbe, 25 Eye ne trɔ va ye be kpɔ be wo kplɔ eme eye wo ɖo acɔ nɛa, 26 Eyina eye be kplɔna gbɔgbɔ amadre bu yiwo vɔɖi wo trɔ va nɔna aƒeame eye amea be nɔnɔme kpɔtɔɛ nyrana wu titu gbatɔa. 27 Gayime Yesu le nya ma gblɔma, nyɔnu kɔ gbe yi dji le amehá dome gblɔ nɛ be :"wo yra ƒodo yi me le nɔa ku anɔ yi le nɔa. 28 Vɔa Yesu ɖo eŋti nɛ be:Ameyiwo le Mawu be nya seŋ eye wó le eme ɖasia boŋ wó yra. 29 Eyike amehawo le bɔbɔma, edje gbɔhblɔ be :" djidjime ya vɔɖi, ele nukunu biɔŋ yona be nukunua kpo ba kpɔ. 30 Ɖɔa sigbe leyi be yona nyi djesi ne Niniwetɔwo wa nenemake amegbetɔ via le enyigbe ne djidjime yaɛ má. 31 Le kodjoɖoɖo be ŋkekea djia, djiehe fiɔnyɔnuá le ́ cocogbe le djidjime ya bamewo ŋti eye be le nya cɔgbe le woŋti ɖɔa eco kaka anyigba be vɔvɔnu va be yia ɖoto Salomon be nunya, eye fifia ameyi wugã Salomoa le gíyá. 32 Le kodjoɖoɖo be ŋkekea djia, Niniwetɔwo le cɔcɔgbe le djidjime ya ŋti eye wó le nya cɔgbe le woŋti ɖɔa wo trɔ djime eyi wo se yona be gbefãɖeɖe eye fifia ame le gíyá wugã yona. 33 Ameɖekpe me sina kaɖigbẽ be yia se dã le wawlaƒe alo nu gɔmó, vɔa wo cɔ dana kaɖiti dji be ne ameyiwo ɖo aƒeamea, woa kpɔ̃ kekeli. 34 Ŋku woe nyi ŋtilã blibo wa be kekeli. Ne(gayime) ŋku wo le nyuiɖea, ŋtila blibo wa kpata me la kɔ. Vɔa ne gayime ŋku wo me le nyuiɖo wa, ŋtila blibo wá lé vivitimé. 35 Kpɔ nyuiɖe be kekeli yi le me woa megbanyi vivitio. 36 Ne ŋtilá woa kpata me kɔ eye yibafi ɖekpe me le viviti mó wá, yi kpata me le kɔkɔgbe sigbe kaɖigbe kle ne woene. 37 Gayime Yesu le nuƒoƒoma, Farisitɔ ɖe va ɖekuku nɛ be ba vá ɖunu le yigbɔ. Eye Yesu yi nɔanyi le kplɔ ŋti. 38 Eye be wɔ mo yaa ne Farisitɔa be me klɔasi caƒee le nua ɖumé. 39 Vɔa Aƒetɔa gblɔ nɛ be : mia Farisitɔwo wo mi klɔna kɔƒe ku agbã ŋti vɔa mia me ɖɔkù vɔɖivɔɖi gaku fififi ( ametafu). 40 Mia numanyatɔwo, ameyibe ne wɔ ŋtigbea, me yike wɔ emo? . 41 Mi cɔ nuyi ke le emea na wamenɔwo eye nuwo kpata ŋti le kɔkɔgbe ne mi. 42 Vɔa baba ne mìa Farisitɔwo ɖɔa mì lè atí, emɔ ku gbewo be nuwolia cuŋ eye mi me le ɖekpe cɔŋ le me ne Mawu be djɔ̀djɔ̀nyenye ku yibe lɔlɔ nuyi mi ɖo la wɔa yi ma eye mi ma ŋlɔbe kpɔtɔɛwo. 43 Babá ne mìa Farisitɔwo ɖɔa mi lɔna teƒe tutugbãtɔwo le ƒufoƒe gãwo me eye mi lɔna gbedodowo le agbonu. 44 Baba ne mì ɖɔa mi le sigbe yɔdo yiwo me le zezemɔ ene eye amewo le wo dji zɔŋu lé manyámé. 45 Se nyatɔwo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be Nufiɔla, ne lele gbɔgblɔŋ nénémá, le mía djuŋ. 46 Eye Yesu ɖo eŋti be : baba ne mia se fiɔlawo cã ɖɔa mi le agbe yiwo ve cɔcɔa droŋ ne amewo eye miɔtɔ mi me cɔná miaba lɔvi ɖeka tɔ nɛɔ. 47 Baba ne mi ɖɔa mi le nyagblɔ̃ɖila yiwo mia yɔtɔwo wua be yɔdowo fɔŋ. 48 Mi le ɖaseɖiŋ co mía tɔtɔwo be dɔwɔwɔwo ŋti eye mi le kpe ɖoŋ wodji ɖɔa wawoa wo wu nyagblɔɖilawo eye mia woea mi le wobe yɔdowo fɔŋ. 49 Numá ŋti Mawu be núnya gblɔ̃ be: me le nyagblɔɖilawo ku Apostolowo dɔ́gbe ɖuɖawó, wo le ɖewo wugbe eye wole ɖewo yometigbe. 50 Ale be wɔa biɔ nyagblɔɖila yiwo kpata be ʋu yiwo wo kɔ ɖi co xexea be gɔmedjedjea bakɔta djidjime ya. 51 Co Abel be ʋu dji vá se ɖe zahari yi wo wu lé vɔsamekpeá kù gbedoxɔà domea be ʋu dji, ɛ̃ me le egblɔŋ ne mi wo biɔ yibakɔtã djidjime yà. 52 Baba né mía se fiɔlawo (fiɔ̃la) ɖɔá mi ɖe sidjedje (núnya)be saflɛa ɖa, miɔtɔ mi me lé eme yi mɔ eye mi le mɔ heŋ ne amehiwo le eme yi má. 53 Gayime bè dró co gema, wómaŋlɔ̀tɔ̀wo ku Farisitɔ́wo tɔ edjizizi eye wóná be ƒonuƒo co nu sugbɔ ŋti, 54 Lé gamɔwo ɖoŋ nɛ be ne yiwó woa li to yibe nuƒoƒòƒò mè.