Eta 24

1 Ŋkeke atɔ megbea, vɔsalagã Anania va kaku ame titiawo ku gbefã ɖela ɖe yi ŋkɔ nyi Tertulo, wocɔ nya ɖe Pɔlu ŋti le nutome djikpɔla gbɔ. 2 Woyɔ Pɔlu eye Tertulo he nya le eŋti le nyayawo me bena: 3 Felike nyui woe na ŋutifafa eye dukɔ yia kpɔ nuwobe ɖɔɖɔɖo le wo belelewo ta, mi nya nuyiawo kpata eye mile akpe doŋ nɔ. 4 Vɔ ne mimalea daɖi djidjiɖeoa mele kuku deŋ nɔ le domenyonyoa mea, nuyi le mia si miagblɔ nɔ le nya viɖe mea na sé. 5 Mikpɔ ŋutu yia, enye dɔbaɖa ecɔ mamã ɖo Yudatɔwo kpata dome le xixeame, enyi , Nazaretɔwo be subɔsubɔ be ha vɔeɖi be amegã. 6 Edje agbagba be yia doblo Mawu be gbedoxɔ gã eye mile. Midi be miaɖi kodjonɛ le miabe se nu. 7 Vɔa eyi aʋaƒlɔ gã kadjoɖola Lisia va exɔe le miasi ku akpasese. 8 Eye eɖe gbe ne ameyiwo le nyacɔm ɖe ŋti be wɔa va ŋkuwo me. Nya yi micɔ le eŋtia ele gblɔe nɔ ne nyi be wo ŋutɔ le biɔe. 9 Yudatɔwo kpata do edji eye wokã ɖe edji be nuyiawo nyi nyateƒe. 10 Eyi nutome djikpɔla wɔ alɔ ne Pɔlu be ne ƒonuƒo la, eɖo ŋti be:Me nya be ƒe sugbɔwoe nyi ayiawo le nyi dukɔ yia be kodjoɖola mexɔ gbe be maʋli ɖokuinye ta. Makã le djio. 11 Meva Yerusalem be nasubɔ, meto ŋkeke wuive ŋuti o kã ɖe dji. 12 Wome kpɔŋ le Mawu be gbedoxɔ gã alo ƒuƒoƒewo alo le dua me ye mele nya hem kaku ame ɖekpeo alo co titre titi do ameha ɖekpe me. 13 Woma teŋ ɖokpe nya yi wocɔ ɖe ŋti nyea djio. 14 Mele egblɔŋ nɔ be mia tɔtɔwo be Mawu subɔŋ mele, le mɔ yi yɔŋ wole be subɔsubɔha bɔbɔ vɔ̃ea, mekã le nuyiwo kpata wɔŋlɔ le sea ku nyagblɔɖilawo mea dji. 15 Mele mɔkpɔŋ ne Mawu sigbe woawo kee ene be ame djɔdjɔewo ku ame madjɔdjɔewo be ƒɔfɔ co amekukuwo dome le eme va gbe. 16 Eya ŋtie mele ʋiʋliŋ be djicinya ye ŋu abi ɖekpe mele oa nenɔ asinye ɖɔa le Mawu ku amegbetɔwo ŋku me. 17 Le ƒe sugbɔ megbe dome la, meva be mawɔ nunanawo ne dukɔa eye mawɔ vɔsasawo. 18 Yudadɔa ɖowo co Asia, eyi wokpɔŋ mele ŋutinye klɔŋ le gbedoxɔ gã mea menyi ku ameha ale gidigidio. 19 Ameyiawoe ɖo lava ŋkuwo me cãƒe eye ne nya ɖele wosi le ŋutinyea woagblɔe. 20 Alo ameyiawo ŋtɔ negblɔ hlɔnu yi wokpɔ le ŋtinye eyime menɔte le kodjoɖotɔwo be ŋkume. 21 Nya ɖeka ya kpo medo aƒa gblɔ eyi mele wo domea ye nyi:amekukuwo be ƒɔƒɔ ŋutie mile kodjo ɖoŋ neŋ egbea? 22 Felike, Yi nya mɔ ya nyuia, nɔte Yudatɔwo eye egblɔ nɔ be:Ne aʋafiɔ kodjoɖola Lisia va la, male ŋku le miabe nya ŋti. 23 Eye woɖe gbe ne aʋafiɔ yikpɔna sɔdja alɔfa ɖeka dji be nekpɔ Pɔlu dji eye ne nɛ vovoa ɖe vɔa megba tu mɔ ne etɔwo dometɔ ɖekpe be woagbe be yewoa kpeɖe ŋutio. 24 Ŋkeke ɖewo megbea Felike ku srɔa srusila yi nyi Yudatɔa wova eye wona woyɔ Pɔlu va. Wose Yesu dji xɔsebe nya le pɔlu gbɔ. 25 Vɔa eyi Pɔlu le nya gblɔŋ co djɔdjɔe nyenye, ameɖokui djiɖuɖu, kodjoɖoɖo yi le vava gbe ŋutia, djikaco Felike eye egblɔ be :Fifia, djoyi, ne mekpɔ gamea, matrɔ yɔ. 26 Ele mɔkpɔŋ cã be Pɔlu lacɔ ga ne yi eŋutie eɖɔma be woayɔe va edjiedji ne yeaka aseŋu kui. 27 Le ƒe eve megbea, Poekia Festa va ɖɔli Felike. Eyi Felike di be yeadje Yudatɔwo ŋua egble pɔlu de gakpame.