1 ŋùcùɖewo co Yudea le nùƒiɔ̃ nɔwuwɔ le gbɔgblɔ̃ be : Ne me co aʋa sigbe leyi Mose be sea gblɔ̃ɛ nenewoa, mǐ ma teŋ akpɔ ɖeɖe o. 2 Pɔlu gaku Barnabas wo ɖɔ̃ nya mà gaku wo ŋtɔ, Eye nɔ̃wiwo wɔ̌ cǐacǐă be Pɔlu ku Barnabas wo neyi Yeruʒalem le apɔsolowo gaku ameciciwo gbɔ newo yi ƒonũ kuɖe nya mà ŋti. 3 Yi cɔcia kpeɖe woŋti vɔa, wo djo, ye wo tó Fenisi ( Phenicie) ku Samaria ye wo le gbeƒă deŋ djimetɔtrɔ ne trɔ̃subɔlawo. Wo na be nɔ̃viwo kpata wo kpɔ djidjɔ găɖe. 4 Yi wo va Yerusalem a cɔcia, apɔsolowo ku hamea be ameciciwo xɔwo nyuiɖe eye wo gblɔ̃ nuyiwo kpata Mawu to wodji woa newǒ. 5 Fifia, Farisitɔ dometɔ ɖe yiwo xɔ nyanyuia ɖjisea, wo co ye wo gblɔ̃ be : E hia be wo ne co aʋa newo eye wo ne ʒiɖe wóɖji be woa wɔɖe Mose be seawo ɖji. 6 Apɔsolowo ku hameme ciciwo ƒoƒu be yewo a kpɔ nya mà gbɔ. 7 Nya heheă vale edji yi ŋtɔ, eye Petro co yi be gblɔ newo be : Nɔvi ŋùcùwo, mǐ nye be, ewó ʋiɖe ya Mawu ciă ame ɖeka le mǐadome, alebe trɔ̃ subɔlawo ne se nyanyuia be nya eye ne woa xɔ edjise tó enu nye me. 8 Eye Mawu yi djesi djiwowoa, ɖi dase co wó că wóŋti ye be cɔ gbɔ̃gbɔ̃ kɔkɔɛa newo, sigbe leyi be na mǐɔ că ene. 9 Yi be kɔ woabe djiwo ŋti to xɔse mea, me do vovotótó mǐ gaku wó dome O . 10 Fifiaʒɔ̃aɖe, nukaŋti mǐ le Mawu teŋ kpɔ, le agba kpekpǐ yi mǐa tɔtɔwo alo mǐɔ ŋtɔwo mǐ me dro dro woa le ekɔdji da ne nusrɔ̃viwo? 11 Vɔ se to Aƒetɔ Yesu be amenuveve dji ye mǐ to xɔɛse be ɖeɖekpɔkpɔ su mǐasi, nenema kpo be nyi ne wǒ cã. 12 Yi Barnabas ku Pɔlu, wole nukunu ku djesi kpata yiwo Mawu wɔ le trɔ̃subɔlawo dome to wodji gblɔ̃ma, ameha kpata ʒiɖoɖu le tó ɖom wo. 13 Yi wo note nuƒóƒó vɔa, Yakɔbu xɔ nyă yi be gblɔ̃ be : Nɔ̃viwo, mǐ ɖo toŋ! 14 Simon ƒonũ kuɖe aleyi, doŋkɔa, Mawu ɖoŋku djukɔwo dji be ya ciă djukɔ̃ ɖeka yi la nyĩ yibe djukɔ̃. 15 Enyă ma sɔ ku nyăgblɔ̃ɖilawo be nyawo, sigbe aleyi wo gblɔ̃ be. 16 Le yimɔwo megbea, me dja trɔa va cù David be gbedoxɔ yike ne gbă, ma trɔ aɖɔ yi be gbăgbăƒewo aɖo eye ma leacó, 17 alebe ame mamɔlɔɛawo gaku djukɔ̃ yiwo dji, wo yɔna nyikɔyne ɖoa, woadji Afetɔa, Afetɔ yi wɔ nuyɔwoa, ye gblɔ̃ɛ, 18 Eya yi wo djesi co gapopo xóxówo me (gbeɖegbe). 19 Numaŋti, nukpɔkpɔnye ye nyi be mǐŋgba he citɔ citɔ ʋa trɔsubɔlayiwo le djime trɔ̃ŋ va Mawu gbɔa me o, 20 Vɔ mǐ ne ŋlɔ bewo be wone gbenu le alegbawo be ɖipàpówo gbɔ, ahasi, elă yi wome có kɔna ye ʋuă tó o ɖuɖu gbɔ, gaku ʋu be ɖuɖu gbɔ. 21 ɖoa, co kaka djidjime yiwo ʋa yiame ye amewo le djugă ɖesiaɖeme nɔna gbeƒă ɖeŋ Mose be sea, ɖoa wonɔna ehleŋ le Yuɖalɔwo be ƒuƒoƒewo me eklɛ̃ gbe ɖekpekpe. 22 E dje Apɔsolowo ku cɔcia be ameciciwo gaku cɔcia kpata nũ be wɔaciă Yuda yi wogba yɔnabe Barnabas gaku Silas, meyiwo ŋti bubule le nɔviwo domea be woa dɔ̃ wo gaku Pɔlu ku Barabas ɖo ɖa Ãtioxia (Antioche). 23 Wo ŋlɔ aŋeɖɔ woma dasi newo, woma yi me nyăwo nyĩ: Apɔsolowo, cxia be ameciciwo, gaku nɔviwo, ne mǐ trɔ̃subɔlawo dometɔ yiwo nyĩ nɔviwo le Ãtioxia (Antioche), le siria (Syrie), gaku, le silisi (Cilicie); Mǐ dogbe ne mǐ! 24 Mǐ do djesi be amaɖewo co fiya va mǐagbɔ yi mǐ me dogbe asinɔ o, wo cɔ wɔabe nyăgbɔgblɔ̃wo va citɔ mi eye wo ʋuʋu mǐabe luʋɔ̃wo, 25 Yi mǐɔ kpata mǐ ƒoƒu vɔ megbea, mǐ cɔɛ ɖe mǐaɖokuiwo dji be mǐa ciă ŋkɔnɔtɔwo gaku Pɔlu ku Banabas, 26 ŋùcù yɔwo yi cɔ woabe agbe de aƒɔkume le mǐƒetɔ Yesu-Kristo be nyikɔa ŋti a dɔ̃wo ɖo ɖa mǐ. 27 Mǐ dɔ̃ Yuda ku Silas ɖo ɖa mǐ, ameyiwo că la gblɔ̃ enyă ɖekaŋkume ne mǐ. 28 E ɖje Gbɔ̃gbɔ̃- Kɔkɔɛ nù ku mǐa nũ be mǐ ma cɔ̌ agba bu aʒĩ mǐadji ne me nyĩ eyi le veviɖea o, 29 Mǐa nyɛ be, yewoa gbenũ le, elă yi wocɔ̌ wɔ vɔsa ne alegbawo, eʋu ɖuɖu, elă yi, wo me co kɔna ye eʋu tǒ le woame owoa be ɖuɖu gbɔ; gaku ahasi, ŋɖekpekpe gbɔ yi mǐ kpɔ be yewo agbenũ le kpɔa. Eyiʒăɖe. 30 Eye cɔcia ɖems newo, ye wo djo yi Ãtioxia (Antioche) ye wo cɔ̌ aŋedɔ woma ne ameha gbogboawo. 31 Yi wo hle woma, wó kpɔ djdjɔ kuɖe nusedoamenyà yi nɔviwo heva newoa ŋti. 32 Yuda ku Silas, yi woŋtɔcă nyagblɔ̃ɖila ye wonyi; wo xlɔ̃nu wo eye wo dowo nuse ku nyà gbogboɖewo. 33 ŋkekeɖewo megbea, nɔviwo ɖasi le woŋti be newoa trɔdjoyi ameyiwo ne dɔ̃woa gbɔ. 34 Vɔ Silas yaŋtɔkpɛbe ya ti woagbɔ. 35 Pɔlu ku Barnabas, wo ti Ãtioxia (Antiocle) gaku amegbogboɖewo, eye wo le nufiɔ̃, le gbeƒăɖem Aƒetɔ be nyà nyuia. 36 ŋkekeɖewo megbea, Pɔlu gblɔ̃ ne Barnabas be ; Mǐ trɔ djoyi djugă yiwo kpata me mǐ ɖegbeƒă Aƒetɔ be nyà lea, a yi dji nɔviwo akpɔ be nɔnɔme kame wole mee. 37 Barnabas dji be ǰă yi wogba yɔna be Marco ne yi gaku yewǒ. 38 Vɔ Pɔlu ya kpɔ be yewo makplɔ ameyi gbleyewo daɖi djó, le kaka Pamfili o (Pamphilie), eye me kpeɖe yewoŋti le yewobe dɔame o. 39 Nyà ma he nyàdɔ̃dɔ̃ va woadome yi wɔɛbe wó maɖa le wó nɔnɔɛwo ŋti. Eye Barnabas kplɔ Marko, wóɖó tɔ̃djiʋu djoyi shipo (Chypre). 40 Vɔa Pɔlu ya cia Silas eye nɔviwo cɔɛ ɖasi ne Aƒetɔ be amenuveve, emegbea ye wó djo, 41 Wó tó Siri (Syrie) ku Silisi (Cilicie), le nuse do cɔciawo.