Eta 1

1 Nye, Pɔlu Yesu Kristo be apɔstolo to Mawu be lɔlɔnu me,le agbea be ŋugbedodo yi le Kristo Yesu me, 2 na Timote:Amenuveve, dɔmenyonyo ku ŋutifafa yi co tɔtɔ Mawu gbɔ ku Kristo Yesu mía be aƒetɔ gbɔ la ne nɔ djiwò. 3 Mele akpe dom ne Mawu yi mele dɔ cɔm na ku djidjinya kɔkɔe sigbe aleyi tɔgbenyewo wɔe ene. Meɖona ŋku djiwò ɖaa le gbedodoɖa nyewo me zã ku ŋukeke. 4 Meɖo ŋku aɖaciwo dji, dina bena makpɔwo bena djidjɔ ne yɔm. 5 Meɖona ŋku nyateƒe be xɔse yi le asiwòa dji,xɔse ma ke mamawò Lois si can le nɔwò Enuke si mekaɖedji le wocã asiwò. 6 Numa ŋtie mele ŋku ɖom nawò be Mawu be nunana yi le mewò eye wocɔe nawò to alɔdadaɖe amedji mea, lebebɛ . 7 Ɖoa Mawu mena mé vɔvɔ̃ be gbɔgbɔ̃ o ,vɔa ŋusè,lɔlɔ ku ame ɖokuidiɖuɖu( nunyà). 8 Ŋu nega kpewò be naƒonuƒo co mía be Aƒetɔ,alo nye pɔlu yi nye ebe gamenɔtɔ ŋuti o.Vɔa lɔ̃ be yeakpe fu ku nye le nya nyui ŋuti le eyime nakã ɖe Mawu be ŋuse la dji. 9 Ameyi ɖe mi yɔ mi ku yɔyɔ kɔkɔe me nyi be to mía be dɔ nyui wɔwɔwo me o, vɔa ke boŋ to yebe ɖoɖo yi nye etɔ la ke enye amenuveve yi wò co na mi le Kristo me hafi nuwokpatà nedje egɔme. 10 Vɔ fifia la, Mawu be ɖeɖe la woɖee fiɔ to mía be xɔnametɔ Yesu Kristo be djedje ameyi ɖu ku dji. Ecɔ agbe mavɔ ku makumaku nyenye to nya nyui dji. 11 Nya nyui ya ŋuti woɖom Mawunuagblɔla apɔstolo,nufiala ne ameyiwo medjesi Nawu o . 12 Eya ŋuti kee mele fuyawo kpem ɖo . Vɔa ŋu me kpem kpɔ gbeɖe o, ɖɔa menya ameyi djie mexɔ se ɖo.Meka ɖe dji bena ŋuse le esi be nuyi wòcɔ de nye me la, adjɔ eŋuti vase ɖe ŋukeke yia dji . 13 Le kpɔɖeŋu be nyanyui kɔkɔe wo yiwo lexɔ co gbɔnye la me ɖe asi le xɔse ku lɔlɔ̃ yi le Yesu Kristo me . 14 Ɖjra nu nyui yi wode mewò la ɖo to gbɔgbɔ kɔkɔe yi le míame le dji . 15 Le nya bena ameyiwo kpata le Asia la gblem daɖi Fijela ku Ermogena le wo dome . 16 Aƒetɔa negbã yebe nublanuikpɔkpɔ ɖe Onesifɔr be aƒe dji, ɖɔa efana dji nem enu enu , ŋu mekpe o le gakɔsɔkɔsɔ nye me nɔnɔ ŋuti o. 17 Vɔa eyi beva Roma, Edim vevie kaka va kpɔm. 18 Aƒetɔa ne kpɔ nublanui nɛ le ŋkeke ma dji. Le nya wu amesiame nyui kpekpeɖeŋu ɖɔ yiwo wò wɔ nam le Efeso.