Etanya 1

1 Yuda, yesu Kristo wo subɔla, yi fofoa Jacques, ke oyɔ wobe lonlontɔ wo le mawu etɔ me, ke olede na Yesu Kristo. 2 Nublanu kpɔkpɔ, ntifafa kude lonlon ne jideji na mi. 3 Lonlontɔ, nle jagbagba be ma hrun nu kude miawo dede dika nti.Ma ke hrun nami be na tsɔ domi hunsin be mia wɔdɔ sinsinde na xɔse ke otrɔna xɔsetɔwo zidika na kpata. 4 Enuke ntia amedewo didi le mia dome.Wawo yi nyi amekewo je na efonbubu.Jima mahɔsetɔwo kele dɔri mawu wamenuveve le enugbegble yi ke le gbenu le mia wapetɔ dika kude apetɔ Yesu Kristo. 5 Fifia, njibe ma donkuji na mi, (sigbe leke mi nyin nenea) be apetɔ de edude le Egyptia, ekuma wo ngbodemea echron amekewo ntrɔ jimewo. 6 Yi dɔla ke wo nle wawo dɔda asia, ye otati dadea (mawu leode le ekame tsɔyi mavɔ, le vivitime, na nkeke gan na kojododo). 7 Ele sigbe Sodome kude Gomorrha kude dukon kewo pohre, ke ole taci wadoke na makɔmakɔ yi gbe le wɔ wawo tsantsanwo de ehiheame nti. Ola gni kpɔdehun na amewo le kpefu le ezomavɔ me. 8 Dika nkume, wawo nuwo le podi wawo ntilan, ole tsɔede le edeme, yi ole wɔ libilibi de ntikɔkoe nti. 9 Ye, opohra Michel, eyimeke ele honu kude futɔ yi le tsɔ Moïse owo ntilan tsɔ le nè, mi gbe gbrɔ enya voinde kude nti o. Vua egbrɔ be:"apetɔ ne tsrɔ mi!" 10 Vua amekumawo lezu eya ke ole cewo.Yi ke olecea (Eranwo le ce etame mabu mabu). Enuke le tronwowo ne. 11 Baba nawo enuke ntia ozonto Caïn owo mɔji, oje na aci hɔhɔ de le Balaam wahome, obu kude Coré owo jibibi nti. 12 Wo nyi amehɔhɔ le miawo azzame o duna azan nkpin ma nɔyime, o dunanu kpo ba wa vbo, o nyi etchi ke do vua etchi nle iyime o; ke aya tsɔyi. O nyi ati ke nle tchin eku o ( oku zive le ekeme). 13 O nyi agba sinsin le apuyi, le zi wawo nkpin de etchime. Wo nyi wetrivi ke le clin kene jena viviti me towo le mavɔ me. 14 Enoch, ngbodome vi amadre goin na Adam, yiyi gbrɔ be: "mi kpɔ, apetɔ va kude ame akpe kude ame akpe ke kɔ 15 bena yava drɔvɔnu ameciame le ehiheame.Elava honuna wo kude ame makɔ makɔ ke le wamea kude wawonu ke owɔame. Yi enya bada kenyin nuvɔ wɔtɔwo gbrɔ kude ntia". 16 Wo nyi amekewo le wɔ libilibi, kele von, kele sudu le wawo nuvv wɔwɔ owo ngbodome.Onyi dododeji tɔwo, ke ne wadoke jijitɔa obrena amekpɔtia wo. 17 Vua mia wo ya,lonlontɔ, mido nku enya ke nusrɔlawo gbrɔ vayi kude miadela Yesu Kristo. 18 "le enuwuwua, ameko tɔo la nanyi ke lati wawo ntilan wojiji." 19 Dukon kumawo le tsɔ mama va.Amekpo, ke ndo gbɔgbɔ o. 20 Vua miwo ya, lonlontɔwo, me dotsita na miatɔ le miawo xɔseme kekɔ, yi mia dogbeda kude gbɔgbɔ kɔkoe. 21 Minɔ mawu wo lɔlɔ nu.Yi mia jetekpɔ miawapetɔ Yesu Kristo wowa amenuveve ke la tsɔ gbe mavɔ na mi. 22 Mi nyin amenuveve tɔwo tsɔ yide amekewo le edikekeme. 23 Mide amekpɔtiawo bena ogbe yi ezome o. Na amedewowa, minɔ amenuveve kude vonvon. Mi lefu awu ke podi ku ntilan. 24 Fifia, na ameke late kprɔ mi le ginginme yi la kprɔ mi gingin nanɔ yimea le owo ntikɔke kude owote nɔnɔ 25 na iyi dika, miawo mawu dela, tsɔto miawo hɔnametɔ Yesu Kristo, hɔ ntikɔke, dododeji, fiadudu, kude hunsin, etsɔ egbe yi mavɔme. Amen.