ETA 2

1 Fifia yi akɔfafa su miassi, yibe lɔlɔ̃ dona djiƒo ne mi, yi miwɔ deka ku yibe gbɔ̃gbɔa, mi trɔna dɔ̃me ye mi kpɔna nublanyui ne mianɔnɔewɔa, 2 Miɖo lɔ̃lɔ̃ ɖeka, seselelãme ɖeka, gbɔgbɔ̃ ɖeka gaku tamesusu ɖeka alebe mianabe djidjɔkpɔkpɔnye na de blibo. 3 Miŋgacɔ gbɔ̃gbɔ̃ fã wo ŋdekeo, miŋgbawo ŋdeke tso ɖokuitodji alo dadameo. Vɔ bɔbɔenyenye ne woɛ be miakpɔ amebubuwo be wole ta (ŋkɔ) ne yewo. 4 Miadometɔ ɖesiaɖe, yi woadjonɔ yiŋtɔ be djima bohũã, ne dji ame bubuwo tɔ 5 Susu yiwo nenɔ YESU mea nenɔ miɔcã mia me. 6 Togbɔbe MAWU be nɔnɔme lesi cã, me bu yi ɖokui be yeku Mawu yewo sɔ o. 7 Vɔa eɖasi yeɖokui ŋti eye be cɔ subɔla be nɔnɔme. Eɖe eɖokui fia si amegbetɔ ene, eye obɔbɔ eɖokui. 8 Yiŋtɔ bɔbɔ eɖokui, eye o ɖoto kaka yi ku me ŋtɔcã, eku aticoga be ku. 9 Numãti Mawu doe ɖe dji kakaka eye e cɔ ŋkɔ yi potanè ŋkɔwo kpata nɛ. 10 ale be le Yesu be nyikɔamea nusianuyiwo le djiŋkusiwo, le anyigbãdji gbaku anyigbã cumea, woadjeklo nɛ ye 11 Egbewo kpata woanɔ gblɔgblɔ̃ be Yesu Kristo yenyi apetɔ, ne nuti kɔkɔe ba nyi mia tɔtɔ Mawu tɔ. 12 Eya ŋti lɔ̃lɔ̃tɔnyewo, sigbe leyi miɖonato gasiagame enea, mi wɔ dɔ co miabe ɖeɖe kpɔkpɔŋti ku vɔvɔ̃ gaku djodjo nyanyanya ne meli alo nye melio. 13 Ɖoa Mawu ye cona djidji ku wɔwɔ de na mia me le yiŋtɔ be lɔlɔ̃nu nu 14 Miwɔ nuwo kekeŋ nuxaxa ku nuƒo ƒoƒo le hlome manɔme, 15 Alebe mianye viyiwo ŋti mokakã ɖekpe meleo, ku ŋtepe wɔlawo o, Mawu vi yiwo ŋti vodada dekpe mele le djidjime totro gblegble si odome mia klɛ̃ le sigbe akaɖiwo ene. 16 Meyiwo si agbenya le, ye ma teŋ va poadegbe le Kristo be ŋkekea dji be nye me pudu gbalo alo mewɔdɔ gbalo o. 17 Eye ne macɔ ɖokuinye savɔ sigbe ŋnana ne Mawu ene le miabe xɔse ŋtia, makpɔ djidjɔ gãɖe ku miɔ kekeŋ 18 Eye nene toŋgbea, miɔwɔ cã, mi kpɔ djidjɔ gãɖe kũ 19 Mele mɔkpɔm le Apetɔ Yesu me be ma dɔ̃Timote ɖoɖa mi le madjidjime be ne ma nya ale yi milea, ade dji poneŋ 20 Ɖo nuyi ŋtia, nyeŋ gba ɖɔ ame ɖekpe le giya wu Timote yi acɔ ɖe leme neŋ o yike na lebe ne mi. 21 Wokekeŋ le wobe viɖe djim, menye Yesu Kristo tɔ o. 22 Mi nye be eto dodokpɔ me, eye osubɔ kum le nyanyui la kakame, sigbe aleyi vi subɔ na tɔtɔa ene. 23 Yiŋtia mele mɔkpɔŋ be le madjidjimea ma ɖoe ɖo ɖa miagbɔ ne me kpɔ aleyike nye nuwo layi ɖoa. 24 Vɔa meɖo kakãɖedji ya le apetɔa me be le madjidjimea, nyeŋtɔ cã ma va miagbɔ. 25 Me kpɔ be eleveveɖe be ma ɖɔ nɔvinye Epafrodite hadɔ wɔla, nye aʋa hadɔwɔla ameyi midɔ ɖoɖa be ba kpɔ hiãhiã nyewo gbɔ. 26 Ɖoa ŋtia, edji vevie be ya kpɔ mi vɔa mi se be ele dɔ sesĩe de kuku gbe klui 27 Vɔ Mawu kpɔ nublanyui nɛ, menye eya kpo be kpɔ nublanyui nɔ̃, vɔ ekpɔ nublanyui ne nye cã alebe nyeŋ gba ti nuzĩzĩme sugbɔ. 28 Yiŋtia me ɖui kaba ɖo ɖa mi alebe yi mia gba kpɔɛ, miakpɔ djidjɔ, yi nyeŋtɔ cã nye ma gba nɔ̃ nuxaxa meo 29 Micɔ djidjɔ blibo xɔɛ, ye mi de bubu ameyiɔwo toŋgbe ŋti le Apetɔla me. 30 Ɖoa Kristo be dɔa ŋtia, eku klui, ye o cɔ̃ yiba gbe ɖo anyi bena woawɔ nyuio nekpɔto be miawɔ nenema nem.