Eta 22

1 Tete wofia agbecitɔ cacaa ɖe le si zo sigbe Kristalo ne, yile do co Mawu kiki Alevi la ki fiazipié me le yiki ablɔ la titina lame. 2 Yi le etɔcaca la ki goawo kiki eve ji la agbeti lé ke cé ku wuieve, yi élécé xleti sia xleti, yi atiawo ki amakpwo nyi dɔyɔgbe ni edukɔwo. 3 Yi busunu eɖekpekpe ma gbɔ niɛ, yi Mawu ki alevi la ki efiazikpui la aniɛ me, yi woki dɔlawo asubɔe. 4 Yi wooakpɔ yiki ŋku me, yi yiki ŋkɔ aniɛ wokiŋgowonu. 5 Yi eza magbɔ do o; yi womelé akaɖi alo xeki kekle ca ge o; ɖobe Afet Mawu ana keklewo yi woaɖu fia co mavɔ me yi ɖe mavɔ me. 6 Yi wogblɔ num be: enya keawo nyi nya vavawo kiki enyatefenyawo, yi enyagblɔdilawo ki gbɔgbɔwo ki Afetɔ, Mawu la, dɔ ki dɔla, beni woaɖe enukewo le dina va ime kpuie la, afia yiki ɖɔlawo. 7 Yi kpɔ, megbana kpuie: woayra amekewo le agbale kea me nyagblɔdinyawo me ɖe asi la. 8 Enye Yohanes yi nyi ameke se enukeawo, yi mekpɔwo. yi eke mese wo , yi mekpɔwo la, mejé koli, be mede ta gu ɖe mawuɖɔla ke ɖe enukewo fiam la, kiafɔ nu. 9 Yi wogblɔ num be: kpɔ ɖa, ŋgbɔwɔe o, wo hadɔla kiki nɔviwo, kewo nyi nyawo me ɖe asi la ki hadɔla menyi de ta gu ni Mawu ko. 10 Yi wogblɔ num be: migbotre agbale kea me nyagblɔɖinyawo nu o; ɖobe xeyiyi la tu afe. 11 Ameke wɔ vɔ la, naniɛ vɔɛ wɔwɔ ji ko, yi ameke nyi dime la, neniɛ dinuwɔwɔ la ji ko; yi ameke nyi ame jɔjɔe la neniɛ enu jɔjɔe wɔwɔ la ji ko, yi ameke le kɔkɔe la, neniɛ kɔkɔenyenye la ji ko. 12 Kpɔ ɖa, megbana kpié, yi ŋfe efetu kpe de ŋunye gbana beni maɖo tefe ne amesiame ɖe leke iki dɔwɔwɔ le la nu. 13 Enye yi nyi nyi Alfa kiki Omega, gbatɔ kiki mlɔetɔ, gɔmejéjé kiki enuwuwu. 14 Woayra amekewo nya awuwo, beni woana eŋuse wo woava yinu ayi ɖe edua me. 15 Yi avuwo kiki efakatɔwo kiki matrewɔlawo kiki hlɔdolawo kiki etrɔsubɔlawo kiki amesiame, ke lɔa avaco kaka yi wokanɛ la, woaci agbo la godo. 16 Enye Yesu yi nyi ameke dɔ ŋfe mawudɔlala, beni woadi ɖase le enukewo ŋuti ni mi yina ehameviwo enyenyi David ki ke kiki yiki pome, ŋkexletivi kekle la. 17 Yi gbɔgbɔ la kiki ŋugbetɔ la le gblɔ be: va! yi ameke le se la, negblɔ be: va! yi ameke ecikɔ le wula, neva amekelɔ la, nexɔ agbeci la nu faa. 18 Mele di ɖase ni amesiame ke le agbalè kea me nyagblɔdinyawo sé la beni, ni ame ɖe cɔ nane kpe ɖe nya keawo ŋuti la, ekema Mawuacɔ fuwɔame kewo woŋlɔ ɖe agbalè kea me la, akpe ɖe iŋu nɛ; 19 yi ni ame ɖe aɖe nane la agbalè kea me nyagblɔdinyawo mela, ekema Mawu aɖe yiki gome aco agbeti la kiki edu kɔkɔe kewo woŋlɔ ɖe agbalè kea me la me. 20 Ameke le enukewo ki ɖase di la, gblɔ be: megbɔna kpié! Amen, Afetɔ Yesu va! 21 Afetɔ Yesu ki amenuvenu nana anyi kiki amekɔkɔewo kpata! Amen.