Eta 13

1 Gbeŋ la Yesu docoŋ afeme yi nanyi ɖe apu to. 2 Yi ameha sugbɔ fohlè yi eyi nanyi ehume, yi ameha bliboa kpata natre apuato. 3 Yi eglɔ enya sugbɔ nɔwo le elododowo me be: mi kpɔ enukuwutɔ do yi be yiava yiwu enuku. 4 Eke ele wu wo la, eɖewo ge ɖe emɔto. Yi ejipoxeviwo va mi wo. 5 Ebubuwo ge ɖe ekpenyigbaji, giɛke womekpo ekɔ sugbɔ le o, yi womia zrika, ɖo be womekpo ekɔ o. 6 Yi eke ŋdɔ hu la wo fia, ɖo be eke mele wo si o, yi wopu. 7 Ebubuwo ge ɖe aŋuŋuiwo me, yi aŋuŋuiawo mia bucɔ wo ji. 8 enuku ebubuwo ge ɖe anyigba nyuiɛ ji, yi wocé eɖewo alafa, eɖewo blaŋde ebubuwo blaetɔ. 9 Ameke eto senu le nɛ la, nasee. 10 Enusrɔlawo va Yesu gbɔ yi wa gblɔ nɛbe mieyicɔ ta ele ponu nɔwo le elɔdodowo me o? 11 Yi exɔ yiji gblɔ nɔwobe, ɖo be miawo la wona mi be, mianya ejipofiadufe ki enu wɔwlɔwo, vɔa womena woawo o. 12 Ɖo be ameke si enule la, yi woana enu, yi elagbagonɛ; vɔa ameke si enu mele ola, eke le yi si la woaxɔ yica le yisi. 13 Yita mele ponu nɔwo le elododowo me ɖo. Ɖo be wole kpɔnu, vɔa wo mele kpɔnu o, wole senu vɔa wo mele se enugɔme o. 14 Be woawu yesaya ki enyagblɔɖe ke egblɔ ɖe wo ŋuti be: miase nu kiki eto, yi mi mase yi gɔme gbeɖe o. Mia kpɔ nu kiki nku yi mi ma nyɛgbeɖe o. 15 Ɖo be edukɔ kea ki éji ku atri, yi wo ki etowo sese, yi womia wo ki ŋkuwo, be wo megbɔ kpɔnu o, kiki wo ki etowo, be wo me gbɔ senu o, alo wo ki eji, be wo natrɔ yi mada gbié le wo ŋu o. 16 Woayra mia ki ŋkuwoɖo be wole kpɔ enu, kiki mia ki etowo ɖo be wobe wole kpɔ enu, kiki mia ki etowo ɖo be wobe senu. 17 Le enyatefe me mele gblɔ ni mibe, enyagblɔɖilawo kiki ame jɔjɔɛ sugbɔwo di be yiawakpɔ enukewo mile kpɔ la voa wo me kpɔɛ o; be yiwo la se enukewo mi le se la vɔa womesee o. 18 Miɖo to elododo le enukula ŋuti 19 Amesiame kele se efiaɖufe ŋutinya yi mese yi gɔme o la. Vɔɛɖi tɔ lava yi afi enuke wo do ɖe yi ki ejime. Ya yi nyi ameke gbɔ wowui ɖe emɔto le la. 20 Enuku ke wowu ɖe ekpenyigba ji la, ya yi nyi ameke ne ese enya la, ele hɔe zrika kiki ejijɔɛ, 21 eke ekee mele nɛ o ta la ele manyi viɖe teteyi. Ne efukpekpe kiki yametiti le enyaa ŋuti va la ele ɖefu nɛ zrika. 22 Ekewo wowu ɖe aŋuŋuiwo me la, ya yi nyi ameke le se enyaa, tete ehihieme ki agbagbajéjé kiki kesinɔnuwo ki beblé bucɔ enyaa ji, yi eci macémacé. 23 Enuku kewo je anyigba nyuiɛ ji la, yi nyi ameke le cé eɖewo alafa, eɖewo blaade, eɖewo blaetɔ 24 Yesu gbɔ do elɔ ebubu nɔwo gblɔ be: jipofiaɖufe ɖi ameke le wu enuku nyuiɛ ɖe yi ki abɔme, 25 Yi eke amewo ɖɔ alɔ la, yiki eketɔ va wu egbie vɔɛ ɖe agblea me, yi eyi. 26 Eke enukuwo mia yi wocé eku la, egbie vɔɛwo ca do. 27 Agblea ki Afetɔ ki dɔlawo va yi gbɔ yi wogblɔ nɛ be: Afetɔ, menyi enuku nyuiɛ yi ewu ɖe efe agble, mea? Mie yijɔ ta yi wole kpɔ egbié vɔɛwo? 28 Egblɔ nɔwo be: eketɔ ki edɔwɔnawo yi. Yi dɔlawo gblɔ ne be: elɔ be miyi gɛ a? 29 Afetɔ gblɔ nɔwo be o, ne mile ga egbie wluiwluiawo la, miava hu eluawo ca. 30 Mi dasiwo naci ɖe edu vaseɖe enuŋɛŋɛ ki egame, magblɔ ni enuŋɛlawo: be miɖo egbie wluiwluiawo gbɔ. Mibba wo, yi mikli wo, be wona tɔzo wo yi mipopu elua ɖe ŋfé ava me. 31 Yesu gbɔ dolɔebubu nɔwo be: ejipofiadufe ɖi logoku ke emeɖe cɔ do ɖe yi ki agble me. 32 Enukua yi nyi enuku vitɔ le enukuwo dome. Gakie yi eci la, ele trɔ zi atigaa le abɔa keŋ keŋ me, yi exeviwo va wɔatuɛ ɖe yiki aŋuɛwo me. 33 Yesu gbɔdo elɔ ɛbubu nɔwo yi egblɔ be jipofiɖufe la ɖi amɔwɔ ke Nyɔnu ɖe cɔ caka ewɔ jijenu etɔ me vaseɖe gakeme evlu keŋkeŋ. 34 Yesu fia enu amehaa yi ele gblɔ enyawo kpatanɔwo le elɔdodowo me, yi menyi elododowo me o la mele gblɔ enya edekpekpe nɔwo o. 35 Ele nene be woawu enya ke wogblɔ ɖe to enyagblɔɖila ji la nu be: make ŋfé enu kiki elododowo yi maɖe enu wlɔwlɔ kewo wocɔ wlɔ coŋ kaka egakeme wowɔ ehihiéa fia. 36 Le yi meŋgbe eke Yesu ɖe asi le ameha ŋu la, eva afeme yi ki enusrɔlawo va yi gbɔ gblɔ nɛ be ɖe agblemegbié wluivlui kewo mia le agblea me ni mia. 37 Yi eɖo yi ŋu nɔ wo be: ameke do enuku nyuiɛ la yi nyi amegbetɔ ki vi 38 Agblea yi nyi ehihié me. Enuku nyuiɛyi nyi efiaɖufe viwo. Egbié wluiwluiawo yi nyi vɔɛritɔ ki viwo. 39 Eketɔ ke doaayi nyi abosam enuŋɛŋɛyi nyi ehihia me ki enuwuwu. Enuŋɛlawo yi nyi Mawudɔlawo. 40 Sigbe leke wokli egbié vɔɛ awo yi watɔzo wo la nene kié yi ale le ehihiéaki enuwuwu. 41 Amegbetɔvi ladɔ yiki dɔlawo ɖuɖɔ yi woaɖe enuvɔɛ wɔnuwo kpata be yi ki efiɖufeme. Kiki amekewo le wɔ enu masɔmasɔ. 42 Yi woacɔ wo daŋgbe ɖe ezokpome. Gaŋ yi avifafa kiki aɖukliɖuɖu la nanyi 43 Tete amejɔjɔɛwo laklé sigbe ŋdo nene be wotɔ ki efiaɖufeme. Ameke etɔsenu le na la nase 44 Ejipofiaɖufe ɖi kesinɔnnu ke wowlɔ ɖe agble ɖe me, ke ameɖe kpɔ, yi ecɔɛ wlɔ, ekpɔ ejijɔ, yi eyi jra enukewo kpata le yisia, yi eple agbea 45 ejipofiaɖufe gbɔ ɖi asicala ke le di jonu nyui ɛ 46 wo yi eke ekpɔ jonu ɖika ke xɔasi nyuiɛɖe la, eyi cɔ enukewo kpata le yi si jra yi eplee. 47 ejipofiaɖufe ɖi eɖɔ ke wo da ɖe apu me, yi elé elawo ehamehame kewo nyɔ kiki ekewo menyɔo yi eke eɖɔa yɔ la, wohe va egota 48 yi wo nanyi yi wo pota nyuiɛawo ɖe kusi me; vɔa wo cɔ manyɔmanyɔwo daŋgbe. 49 Nene yi elanyi, le ehihiéa ki enuwuwu Mawudolao la va giɛke Mawu la ɖo kojo ni amewo le, yi woama ame vɔɛwo kiki ame nyuiɛwo me 50 yi woacɔ ame vɔɛwo daŋgbe ɖe ekpozome. Gaŋ yi avifafa kiki aɖukliɖuɖu la nanyi 51 Mise enukeawo kpata gɔmea? Enusrɔlawo ɖo yi ŋu be: 52 "üŋ mise" yi Yesu gblɔ nɔwo enusrola na ejipofiaɖufe la, eɖi ameɖe ke afe le yi si. Yi eleɖe enu xoxowo kiki enu yiyiéwo coŋ yi ki ecrɔme. 53 Eke Yesu gblɔ enyawo keŋkeŋ vɔ la ecoŋ le tefea. 54 Yesu yi wo dié yi ele fia enu edukɔa le wo ki egbedoxɔ me. Amekexo le see la, ewɔ wo yaa, yi wogblɔ be: gana yi ameke kpɔ enunyanya kiki nukunu keawo coŋu o? 55 Ameke la, menyi atikpala ki vi yia ? Maria menyi enɔa? yakobɔ, Yosef, Simon, kiki Yuda wo menyi nɔviawoa? 56 Nɔvianyɔnuwo ca mele mia domea? Gana yi ameke kpɔ enukewo kpata coŋu o? 57 58 Woki enyaa ɖefu nɛ, Yesu gblɔ nɔwo be "le yiŋtɔ ki afeme yi enyagblɔɖilawo mele kpɔ kafukafu le o." Mewɔ nukunu sugbɔ le gaŋ o, ɖe wo ki ejimaxɔse ta.