1 Enye Paul mele po eto ɖe ni mi to Kristo ki bɔbɔnyinyi kiki edɔme nyuiɛ me. Menyi ame bɔbɔɖokui le mia ki ŋkume be mia dome. Ne enyi be enye mele mia gbɔ o la ŋfé eji mele nanyi o. 2 Mele ɖe kuku ni mi be, ne mele mia gbɔ la, nye mateŋ doji karé yi ji o. Vɔ la mekaré be anyɔ be ma do eji be amekewo le bu mi be mile miɛ agbe le eŋutila me ta; 3 Ɖo be eke enyi be eŋutila o. 4 Ɖobe mia ki avawɔnuwo menyi eŋutila tɔ o; vɔ la eŋusenu ke wo wocɔ le gbaa emɔwo le pu anyi yi wonyi le Mawu ki ŋkume, ele crɔ ameblenuwo. 5 Mile gbaa enu kɔkɔ kewo le kéké wo ɖokoewo ɖe eji le Mawu ki enunyanya ta yi mile ɖe nyasawo kpata afedo ni etoɖoɖo Kristo. 6 Yi mile dadro ca be mia tuu yi ni vɔɛ le etosese eɖesiɖe ŋuti; be miaki etoɖoɖo nade blibo. 7 Mikpɔ enuke le ŋkɔgbe ni mi la nyuiɛ ɖe. Ne ameɖe karé yi ɖokoe ji be Kristo tɔ yinyi la, na ɖoŋku yi ji be sigbe leke ele Kristo me la, mia ca mile nene; 8 Ne enyi be mepo adegbe viɖe wule ke Afetɔ cɔ ni mi be mia kplɔ mi yi ŋkɔŋgbe; menyi be miagble mi o ta la ŋkpié nawɔƥ mi o 9 Be nyemegblɔ wo sigbe mele cɔ homa le do vɔvɔ ni mi nene o. 10 Ɖo be ameɖewo le gblɔ be homawo kpena yi wosese; vɔ la yiŋtɔ nyi ame blefiblefi, yi yiki enyawo mele eɖekpekpe me o. 11 Nene ki ame nanya be ameke fomevi minyi le enya me le homa me, eke mi mele mia gbɔ o la, nene ki amewo kié yi mianyi le edɔwɔwɔ me, ne mile mia gbɔ. 12 Mi mele bu mia ɖokoewo kpe ɖewo ŋu, alo miacɔ mia ɖokoewo ɖe amekewo le kafa wo ɖokoe ŋu o. Vɔ la eke wole cɔ woaŋtɔwo le jidjé wo nɔnɔwo. Yi wole cɔ woaŋtɔwo le sɔ kiki wo nɔnɔwo la, womenya enu o. 13 Miawo ya mi mapo adegbe wunu o. Gakié jijéka ke Mawu cɔ ni mi la me yi miale; jijéjijé ke la fla miyii wu. 14 Mi meyi cɔ wu mia ki jijéjijé le egakeme mitu mi o. Minyi ame kilékélé kewo cɔ Kristo ki enyanyuie va mia gbɔ la. 15 Mi mepo adegbe le amebubuwo ki edɔwɔwɔwo ŋu o. Vɔa emɔkpɔkpɔ le mia si be ni mia ki xɔse be ci ɖe yiji la mia ci azi gaa le mia dome le mia ki jijéka mu. 16 Be miagblɔ enyanyuie fia le anyigba kewo mele mia gbɔola ji, be mi megbɔpoadegbe le ame bubuwo ki edɔwɔwɔ ke wowɔ le wowɔ le amebubuwo ki anyigba ji o. 17 Ameke le po adegbe la na poe le Afetɔ ki enyikɔ me 18 Ɖo be menyi ameke ca yi ɖokoa yi nyi ame nyuiɛ o. Boŋ la ameke Mawu le kafu la yi.